Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 8:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye mete de nyɔnu nyagblɔɖila ŋu wòto fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Tete Yehowa gblɔ nam be: Yɔ eƒe ŋkɔ be „Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ale mete ɖe nyɔnu nyagblɔɖila ŋu, eye wòfɔ fu hedzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ nam be, “Mana ŋkɔe be Aboyonu, Afɔnetsɔ, Nuhaha, Va Kaba.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 8:3
6 Referans Kwoze  

Tete nunɔla Xilkiya, Axikam, Axbor kple Safan kpakple Asaya woyi nyɔnu nyagblɔɖila Xulda, amesi nye Xarxas vi Tikwa ƒe vi Salum, amesi nye awu dzikpɔla srɔ̃, eye wònɔ Yerusalem-du la ƒe to evelia la gbɔ, eye woƒo nu kplii.


Ɣemaɣi la nyɔnu-nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃e, drɔ̃ ʋɔnu na Israel.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Tso nuŋlɔkpe gãa ɖe, eye naŋlɔ nuŋɔŋlɔ hahootɔ ɖe edzi bena: Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!


Eye esi ŋu ke ɖa, Pasxur na woɖaɖe Yeremya le pã me. Tete Yeremya gblɔ nɛ bena: Yehowa megayɔ wò be Pasxur azɔ o, ke boŋ „ŋɔdzi li godoo“.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite