Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 8:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yehowa gblɔ nam bena: Tso nuŋlɔkpe gãa ɖe, eye naŋlɔ nuŋɔŋlɔ hahootɔ ɖe edzi bena: Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi bena aboyonu, afɔnetsɔ, nuhaha, va kaba.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 8:1
11 Referans Kwoze  

Eyata yi naŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi le wo gbɔ, eye naŋlɔe ɖe agbalẽ me, ne wòanɔ anyi anye ɖase tegbee le ŋkeke, siwo gbɔna la me.


Eye mete de nyɔnu nyagblɔɖila ŋu wòto fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Tete Yehowa gblɔ nam be: Yɔ eƒe ŋkɔ be „Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!“


Eye wodzidze du la wòle abɔklugui alafa ɖeka kple blane vɔ ene le amewo ƒe dzidzenu, si le mawudɔla si la nu.


Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.


Eye Yeremya tsɔ agbalẽ bubu na agbalẽŋlɔla Barux, Neriya vi, eye wòŋlɔ agbalẽ kemea, si Yuda-fia Yoyakim tɔ dzoe la me nyawo katã tso Yeremya nu ɖe eme, eye wogakpe nya mawo tɔgbe geɖe ɖe eŋu.


Gatsɔ agbalẽ bubu, eye naŋlɔ nya tsãtɔwo katã, siwo nɔ agbalẽ gbãtɔ, si Yuda-fia Yoyakim tɔ dzoe me la, ɖe eme.


Tsɔ agbalẽ naŋlɔ nya, siwo katã megblɔ na wò ɖe Israel kple Yuda kpakple dukɔwo katã ŋu tso esime mede asi nuƒoƒo me kpli wò tso Yosiya ŋɔli vaseɖe egbe la, ɖe eme.


Bia ɖaseɖiɖi la, eye natre nufiame la nu ɖe nye nusrɔ̃viwo me.


Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ŋlɔ nya, siwo katã megblɔ na wò la, ɖe agbalẽ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite