Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 eye nagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokui wò dzi, eye nanɔ anyi kpoo! Megavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò le dzoti takpoe eve, siwo le dzudzɔ tum, le Rezin kple Aram kpakple Remalya vi ƒe dɔmedzoe la ta o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Gblɔ nɛ be, ‘Kpɔ nyuie, lé dzi ɖe ƒo, eye mègavɔ̃ o. Dzi megaɖe le ƒo wò le dzoti takpo eve siawo, Rezin kple Siria kpakple Remalia ƒe vi ƒe dziku sesẽ la ta o.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 7:4
25 Referans Kwoze  

Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be. Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne woaxɔ na mi.


Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Tametɔtrɔ kple anyinɔnɔ kpoo woatsɔ axɔ na mi, eye miaƒe ŋusẽ le ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu me, ke mielɔ̃ o


agblɔ na wo bena: Israel see, egbe miele aʋa ho ge ɖe miaƒe futowo ŋu, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye migavɔ̃ o, dzidzi megaƒo mi o, eye womegadzi ŋɔ na mi o!


Eye miasa aʋa kple aʋaŋutiɣliwo; kpɔ ɖa, migaɖi vo o, elabena esiawo ava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa?


Miele asi ɖe ge aʋa la me o, ke boŋ mitsi tre ɖi, ne míakpɔ, alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mi! Yuda kple Yerusalem, migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o! Etsɔ la miho ɖe wo ŋu. Yehowa li kpli mi!


Metrɔ mi bu anyi, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene, eye miele abe ati, si woɖe tso dzo me la ene; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Egipte ƒe xɔname mele nemi me hã o, eyata meyɔe be, enye numeɖila, si ŋu nanekewɔwɔ mele o.


Eyata ale Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, gblɔ esi: Nye dukɔ, si le Zion, megavɔ̃ Asur, si tso ati, be yeaƒo woe, eye, wòka atizɔti dzi ɖe ŋuwò abe Egipte ene la o!


Elabena hafi ɖevi la nade asi fofo kple dada yɔyɔ me la, woatso Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo adze Asur-fia ŋgɔe.


Elabena Aram ƒe ta enye Damasko, eye Damasko ƒe ta enye Rezin, eye le ƒe blaade vɔ atɔ̃ me la woagbã Efrayim gudugudu, eye maganye dukɔ azɔ o.


Eye Dawid gblɔ na Saul bena: Dzika megatso amea ɖeke ƒo o! Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔ ma.


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Wò, nyẽvi Yakob, wò, ha sue Israel, megavɔ̃ o! Makpe ɖe ŋuwò, Yehowa ye gblɔe; wò xɔnametɔ enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


Le Yuda-fia Axaz, Uziya vi Yotam ƒe vi ŋɔli la Aram-fia Rezin kple Israel-fia Remalya ƒe vi Pekax woho aʋa va Yerusalem ɖe wo ŋu, ke womete ŋu wɔ aʋa kpli wo o.


Efrayim ƒe ta enye Samaria, eye Samaria ƒe ta enye Remalya vi. Ne miexɔe se o la, ekema mianɔ te hã o!


Eye Yesaya gblɔ na wo bena: Ale miaɖagblɔ na miaƒe aƒetɔ enye si: Yehowa ƒe gbe enye si: Migavɔ̃ nya, siwo Asur-fia ƒe ɖekakpuiwo tsɔ ɖe alɔme le ŋunye nèse la o.


Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaatɔ̃ vɔ evelia me la Pekax, Remalya vi, zu fia ɖe Israel dzi ƒe blave le Samaria.


Esi dukɔ sia do vlo Siloa-tsi, si sina blewu la, eye wòkpɔ dzidzɔ kple Rezin kpakple Remalya vi la,


Elabena azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite