Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le Yuda-fia Axaz, Uziya vi Yotam ƒe vi ŋɔli la Aram-fia Rezin kple Israel-fia Remalya ƒe vi Pekax woho aʋa va Yerusalem ɖe wo ŋu, ke womete ŋu wɔ aʋa kpli wo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le Yuda fia, Ahaz, Uzia ƒe vi, Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la, Siria fia Rezin kple Israel fia, Peka, Remalia ƒe vi, woho aʋa va dze Yerusalem dzi, gake womete ŋu xɔ du la o, du la gale te ko.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 7:1
15 Referans Kwoze  

Ɣemaɣi Yehowa de asi Aram-fia Rezin kple Pekax, Remalya vi dɔdɔ me ɖe Yuda ŋu.


Le Pekax, Remalya vi ƒe ƒe wuiadrelia me la Axaz, Yuda-fia Yotam ƒe vi, zu fia.


Esi dukɔ sia do vlo Siloa-tsi, si sina blewu la, eye wòkpɔ dzidzɔ kple Rezin kpakple Remalya vi la,


Esia nye ŋutega, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Tete eƒe fia ŋu me Pekax, Remalya vi, ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wòwui le fia ƒe aƒe ƒe mɔ̃ me le Samaria: Arkob kple Arye kpakple ŋutsu blaatɔ̃, siwo nye Gilead-viwo, kpe ɖe eŋu, eye wòwui hezu fia ɖe eteƒe.


Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaatɔ̃ vɔ evelia me la Pekax, Remalya vi, zu fia ɖe Israel dzi ƒe blave le Samaria.


Ɣemaɣi Aram-fia Rezin kple Israel-fia Pekax, Remalya vi, woho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, eye woɖe to ɖe Axaz, ke womete ŋu wɔ aʋa kplii o.


Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitowo tso ɣetoɖoƒe, eye woɖu Israel wòyɔ nu me na wo. Ke to esiawo katã gbɔ hã eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alo gale dzi ko.


Aram tsa asi kpli wò le wò aɖaŋudɔ gbogboawo ta; etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, soe kple gbloti ƒle wò adzɔnuwoe.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.


Esia nye Yehowa ƒe nya, si va na Mixa, Moresitɔ la, eye wò-kpɔ ɖe Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite