Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la; anyigba blibo la katã yɔ fũu kple eƒe ŋutikɔkɔe.”

Gade chapit la Kopi




Yesaya 6:3
25 Referans Kwoze  

Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


Wodzi kafukafuha kple akpedaha na Yehowa be. Eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee ɖe Israel dzi Eye ɖukɔ blibo la tso aseye sesie, esime wole Yehowa kɔfum, le esi woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi ŋuti.


Gake zi alesi mele agbe, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba blibo la dzi la, ayɔ anyigba blibo la dzi


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.


ne Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naɖe eɖokui afia, eye ŋutilãwo katã nakpɔe; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.


Míese hadzidzi tso anyigba ƒe mlɔenu be: Woakafu ame dzɔdzɔewo! Ke nyea megblɔ be: Nye nublanuitɔ, baba nam! Adzodalawo le nu ham, nuhaha dzi adzodalawo le!


Elabena wò amenuveve kɔ ɖatɔ dziƒo, eye wò nyateƒe de alilikpowo gbɔ.


eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me,


Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.


Na wo dɔwɔwɔ nadze na wò dɔlawo, eye wò atsyɔ̃ nanɔ viwòwo ŋu!


Dziƒowo de gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.


Woakafu wò ŋkɔ, elolo, ŋɔdzi le eŋu, eye wòle kɔkɔe.


Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.


Eye kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe gome va, eye eƒe zinyenyẽ le abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba le keklẽm.


Emegbe wòkplɔm to anyiehegbo la nu yi gbedoxɔ la nu, eye mekpɔ be, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ya Yehowa ƒe xɔ la taŋ; tete metsyɔ mo anyi.


Yehowa, mía Aƒetɔ, wò amesi na wò ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!


Midzi ha na eƒe ŋkɔ ƒe bubu, eye mido kɔkɔe eƒe kafukafu la!


Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite