Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Edzobo eme, eɖe kpewo le eme, eye wòdo weinka nyuitɔwo ɖe eme, etu xɔ tsrala ɖe etitina, ekpa weinfiãnu hã da ɖe eme hele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo; ke etse ʋukatsetsewo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Edzobo eme heɖe kpewo le eme, eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme. Etu gbetakpɔxɔ ɖe agble la titina, eye wòtu wainfiaƒe hã ɖe afi ma. Ele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wotse wain vevewo.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 5:2
31 Referans Kwoze  

Weinka nyuitɔ tso ka vavãtɔwo dome nenye metsɔ do, ke aleke wɔ nètrɔ zu nuka ƒe abɔwo nam?


Ameka gɔ̃e woa aʋawɔvi ƒe do, eye wòxea fe na eɖokui? Alo ameka gɔ̃e dea weingble, eye meɖua eƒe kutsetse oa? Alo amekae nyia lãha, eye menoa lãha la ƒe notsi oa?


Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le adzɔge, si dzi aŋgbawo le la, eyi bena ɖewohĩ yeakpɔ nane le edzi; eye esi wote ɖe eŋu la, mekpɔ naneke o, negbe aŋgbawo ko, elabena gbotiwo tseɣi meɖo haɖe o.


amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;


Eye esi ɣeyiɣia ɖo la, edo dɔla ɖo ɖe agbleŋlɔlawo gbɔ bena, yeaxɔ agble la me kutsetsea ɖewo tso eŋlɔlawo si me.


Eye esi kutseɣi ɖo la, edo eƒe dɔlawo ɖo ɖe agbledelawo gbã, bena woaxɔ eƒe kutsetsewo vɛ.


Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le ma to la, ete ɖe eŋuti, ke mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, eye wògblɔ nɛ bena: Tso esia dzi yina la megale tsetse ge halase tegbetegbe o. Eye enumake gboti la yrɔ sũ.


Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-nyɔnuvi ƒe toghɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvl ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.


Weinka, si vu dranyi, eye wòtse la, enye Israel; alesi wòtsee la, nenema nu wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖo; alesi eƒe anyigba nã nui la, nenema nu wòwɔ legbawo ɖo.


Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Eye Zion-nyɔnuvi tsi anyi abe agbadɔ le weingble me, abe miaƒe le adzamatregble me kple du, si woɖe to ɖo la ene.


Le ɣemaɣi mekpɔ be, amea ɖewo fiã wein le dzudzɔgbe le, wotsɔ lubablawo va aƒee, eye wotsɔ wein, weintsetse kple gbotitsetse kpakple agba vovovowo do agbae na tedziwo hetsɔ va Yerusalem le dzudzɔgbe la. Tete mexlɔ̃ nu wo le gbesigbe wole nuɖuɖuawo dzram.


Esia megbe la elɔ̃ nyɔnua ɖe le Sorek-tɔʋu la nu, si ŋkɔ nye Delila.


Dukɔ dzɔlã kple bometsila, ale nèle akpe da mi na Yehowa? Alo menye eya nye fofowò, si wɔ wò oa? Eya ŋutɔe wɔ wò, eye wòɖo wò te.


Agakpewo tame mele kpɔ wo ɖa, eye togbɛwo dzi mele kpɔ wo. Kpɔ ɖa, dukɔ la ɖe ɖe aga, eye mebua eɖokui ɖe dukɔ bu bu wo do me o.


Eye nuka gɔ woatsɔ adze sii bena, eve mia kple wo dukɔ la nu, ne meyi kpli mí, bena wòadze sii be, wòe tia mia kple wò dukɔ la le anyigba dzi dukɔwo katã dome oa?


Mise lo bubu: Aƒetɔa ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na weingbledelawo, eye wòyi nugbe.


Eye wòde asi nuƒoƒo me na wole lododowo me bena: Amea ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na agbledelawo heyi nugbe.


Mana nɔƒe nye dukɔ Israel, eye mana wòaɖo zunu anyi, ne wòanɔ eteƒe, eye dzika magatso eƒo azɔ o, eye ame vlowo magatee ɖe anyi azɔ abe tsã ene


Mawu Zebaot, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname!


Eho weinka tso Egipte, eye nènyã dukɔwo ɖa hetsɔe do.


Yehowa Zebaot, amesi ɖe wò aganu to la, ɖo vɔ ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe ƒe vɔ̃ɖi, si wowɔ hedo dzudzɔ na Baal, ne woatsɔ ado dziku nam la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite