Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 5:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mele ha dzi ge le xɔ̃nye ŋu, mele xɔ̃nye ƒe ha dzi ge le eƒe weingble ŋu. Weingblea ɖe le xɔ̃nye si le totame wɔnua ɖe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Azɔ mele ha dzi ge na nye lɔlɔ̃tɔ tso eƒe waingble ŋuti. Waingble aɖe le nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ si nyoa nuku la dzi.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 5:1
23 Referans Kwoze  

Eye wòde asi nuƒoƒo me na wole lododowo me bena: Amea ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na agbledelawo heyi nugbe.


Eye wòde asi lo sia dodo me na dukɔ la bena: Amea ɖe de weingble, eye woɖee asi na agbleŋlɔlawo, eye wòyi nugbe eteƒe didi.


Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.


Mise lo bubu: Aƒetɔa ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na weingbledelawo, eye wòyi nugbe.


Weinka nyuitɔ tso ka vavãtɔwo dome nenye metsɔ do, ke aleke wɔ nètrɔ zu nuka ƒe abɔwo nam?


Mawu Zebaot, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname!


Tɔnyee nye nye lɔlɔ̃tɔ la, eye nye hã menye etɔ, eya amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me.


Nye lɔlɔ̃tɔ la enye tɔnye, eye nye hã menye etɔ, eya, amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me.


vivi le eƒe nu me, eye eyama ɖze ani. Yerusalem-nyɔnuviwo, nye lɔlɔ̃tɔ lae nye esia: amesiae nye xɔ̃nye la!


Mele alɔ̃ dɔm, ke nye dzi le ŋute. Mido to, nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! Nɔvinyenyɔnu, xɔnye, nye ahɔne, nye ame dzadzɛ, ʋu ʋɔ nam! Elabena zãmu ƒo tame nam ƒũ, eye nye ɖa me yɔ fu kple dzadza.


Korax-viwo ƒe nufiameha, si nye lɔlɔ̃ha na henɔ la, ne woatsɔ „Dzogbenya“ ƒe gbeɖiɖi adzii.


Dawid ƒe ha. Madzi ha le amenuveve kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, wò Yehowa ye madzi kafukafuha na.


Ena nu sesẽ kpe wò dukɔ la, eye néna wein mí míeno mu.


Lãkplɔvi geɖewo gblẽ nye weingble, wonyã avuzi le nye agble me, eye wowɔ nye dzidzɔkpɔgble wòzu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.


Amevi, nukae nye weinka ƒe nake le nake bubuwo katã dome, eye nukae nye weinka le avemetiwo dome?


Weinka, si vu dranyi, eye wòtse la, enye Israel; alesi wòtsee la, nenema nu wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖo; alesi eƒe anyigba nã nui la, nenema nu wòwɔ legbawo ɖo.


Elabena Yehowa, wò Mawu, le kplɔ wò ge ava anyigba nyui, si dzi tɔʋuwo, vudowo kple tawo, siwo dzɔ tso towo dzi kple baliwo me le la dzi,


Ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kafu Yehowa, wò Mawu, le anyigba nyui, si wòna wò la ta.


Dawò nye weinka wodo ɖe to to abe wò ene, etse fũ, eye wòto aŋgba mlamlamla le tsi geɖe ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite