Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 44:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Azɔ nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel, see!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “Ke azɔ la, ɖo to, o nye dɔla Yakob, Israel, ame si metia.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 44:1
22 Referans Kwoze  

Ke wò, nye dɔla Israel, Yakob, amesi metia, xɔ̃nye Abraham ƒe ƒome,


Yehowa be: Eyata nye ɖɔla Yakob, megavɔ̃ o, Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò tso didiƒe kple wò ƒome tso anyigba, si dzi woɖe aboyoe yi la dzi; Yakob agatrɔ agbɔ, eye wòagbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, amea ɖeke mado voɖi nɛ o.


Dzata do tso avegoe me, dukɔwo gblẽla tso, eye woho tso enɔƒe, be woatso wò anyigba awɔ gbegbee, eye wòagblẽ wò duwo woazu aƒedo.


Mi eƒe dɔlawo, Abraham-ƒomeawo, mi eƒe ame tiatiawo, Yakob-viwo,


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi be, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala le ene, eye mielɔ̃ o!


Miƒu to anyi, eye miva gbɔnye! Mise nu, ekema miaƒe luʋɔ anɔ agbe! Mabia nu mavɔ kpli mi, mana Dawid ƒe amenuveve, si li ke la mi.


Azɔ ale Yehowa, amesi wo wò Yakob, eye wòme wò Israel la, gblɔ esi: Megavɔ̃ o, elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye.


Mia dometɔ kae ase nusiawo, alé ŋku ɖe nusiwo gbɔna la ŋu, eye woaƒu to anyi ɖe wo ŋu?


Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


domenyinu na eƒe dɔla Israel, elabena eƒe amenuveve li tegbee.


Elabena Yehowa ave Yakob nu, eye wòagatia Israel ahakplɔ wo aɖo woƒe anyigba dzi, du bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋu, eye woaku ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu.


wò, amesi melé tso anyigba ƒe mlɔenuwo, eye meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi hegblɔ na wò be: Nye dɔla nènye, metia wò, eye nyemegbe wò o;


Yakob kple Israel, ɖo ŋui, elabena nye dɔla nènye; nyee wɔ wò nènye nye dɔla; Israel, megaŋlɔm be o!


le nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel ta; metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò, eye metsɔ bubuŋkɔ na wò, esi mèkpɔ dze sim haɖe o.


Yakob kple wò Israel, si meyɔ, miɖo tom! Nyee, nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite