Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 eye agbadɔ anɔ anyi anye vɔvɔli dodo le ŋkeke me le dzoxɔxɔ ta, eye wòanye sitsoƒe kple bebeƒe le dziya kple tsidzadza ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Woanye vɔvɔli na anyigba le ŋkeke me kple bebeƒe le tsidzadza kple ahomwo me.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 4:6
17 Referans Kwoze  

Elabena mo sesẽ nènye na ame beliwo, mɔ̃ sesẽ nènye na ame dahewo le woƒe hiã me; sitsoƒe nènye tso dziya nu kple vɔvɔli tso ŋdɔkutsu nu; elabena ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe dziyae le ƒoƒom ɖe gli ŋu ene.


Elabena etsyɔ nu dzinye ɖe eƒe agbadɔ me le dzɔgbevɔ̃egbe, eye wòɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe; ekɔm ɖo agakpe dzi.


Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.


Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiaɖia ƒe kpe kple agakpe kikli na Israel ƒe aƒe eveawo, eye anye mɔ̃ kple adoboli na Yerusalemtɔwo;


Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.


Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo du ge o;


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la,


Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meɖo mi ɖe dukɔwo dome ʋĩ, eye mekaka mi ɖe anyigbawo dzi, eye menye kɔkɔeƒe na mi vie le anyigba, siwo dzi mieyi.


Kpɔ da, didiƒe ʋi mebe, masi ayi, eye matsi gbedzi adɔ. Sela.


Eye aleke woahaɖo eŋu na dukɔwo ƒe ame dɔdɔwo ma? Yehowa tso Zion, eye eyae eƒe dukɔ ƒe hiãtɔwo asi atso.


Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo aɖu dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.


Eye Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye woakpɔ eƒe alɔ ƒe ɖiɖiɖeanyi le ɖɔmedzoe ƒe bublu, dzo binu ƒe aɖe, ahom, tsidzadza gãwo kple dzikpewo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite