Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Aƒetɔ la aklɔ ɖiƒoƒo ɖa le Zion nyɔnuwo ŋu. Aklɔ ʋu si kɔ ɖe Yerusalem la ɖa kple nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kple dzo ƒe gbɔgbɔ.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 4:4
29 Referans Kwoze  

Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie meɖi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!


Maɖe mi atso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me; mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o.


anye ʋɔnudɔdrɔ̃gbɔgbɔ na amesi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu kple ŋusẽ na amesiwo gbugbɔ aʋa ɖo ɖe agbo nu.


Le ɣemaɣl la vuɖo aʋu na Dawid ƒe aƒe la kple Yerusalemtɔwo ɖe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ŋu.


Makaka wò ɖe dukɔwo dome, mahlẽ wò ɖe anyigbawo dzi, eye mana wò ɖiƒoƒo nu natso le ŋuwò,


Ɖiƒoƒo le eƒe avɔ toga, meɖo ŋu eƒe nuwuwu o. Tete wòyi to vevie, eye akɔfalaa ɖeke meli o. Yehowa, lé ŋku ɖe nye hiã ŋu, elabena futɔ la le asi tɔm akɔ!


Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mava, ŋutifafafia,


Ame sesẽ la azu ɖetifu, eye eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi; wo kple eve la siaa woabi, eye amea ɖeke mate ŋu atsi wo o.


Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!


Baba na ɖu sẽto, si ƒo ɖi, eye wòsẽa ŋuta!


esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ.


Mi Zion-nyɔnuviwo, mido va, ne míakpɔ fia Salomo le fiakuku, si dadaa ɖɔ nɛ la me le eƒe srɔ̃ɖegbe, le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔgbe!


Wole tsyo dam nu le ɖusi me, ke dɔwuame nu mefa o, wole nu ɖum le mia me, ke womeɖi ƒo o, amesiame ɖu eya ŋutɔ ƒe abɔ ƒe lã;


Matrɔ nye asi ɖe ŋuwò, eye malólo wò aŋukawo abe adzalẽɖaɖi wotso wòe ene, eye maɖe wò tsumiwo katã ɖa.


Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o.


Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, malólo wo, eye mado wo akpɔ; elabena aleke mawɔ le nye dukɔ ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite