Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 3:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Yehowa be: Esi Zion-nyɔnuviwo dana, eye wolia kɔ ganɛ nɔa yiyim, woɖoa mo ŋanɛ, wonɔa ble nyẽm xatsɛxatsɛ nɔa yiyim, eye woƒe afɔgawo nɔa ɖiɖim gleŋgleŋ la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Zion nyɔnuwo dana, wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm. Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm, nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 3:16
16 Referans Kwoze  

nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome.


„Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena: Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò; eƒe dɔm…, eye wòdo tedzi kple dɔwɔlã, si nye tedzivi.


Mi Zion-nyɔnuviwo, mido va, ne míakpɔ fia Salomo le fiakuku, si dadaa ɖɔ nɛ la me le eƒe srɔ̃ɖegbe, le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔgbe!


nenema nye dzidzime, si ta ŋku kɔkɔ le, eye eƒe aɖahawo ɖe dzi;


Ke Yesu trɔ ɖe wo ŋu gblɔ bena: Yerusalem vinyɔnuviwo, migafa avi nam o; ke boŋ miafa avi na mia ŋutɔwo mia ɖokui kple mia viwo.


Ɣemaɣi la ŋu magakpe wò le wò nuwɔna, siwo katã nètsɔ to vo ɖe ŋunye la ŋu o; elabena maɖe amesiwo nɔa aseye tsom nɔa ɖa-dam la ɖa le dowòme, eye màgado ɖokuiwò ɖe dzi le nye to kɔkɔe la dzi azɔ o.


Anyigba le nu xam, eye wòyrɔ; nu te xexeame ŋu, eye wòlé akpɔ; nu te anyigba dzi dukɔwo ƒe bubumewo ŋu.


Gbemagbe Aƒetɔ la aɖe afɔgɛwo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ɖa, ŋgoblanuwo, gaviwo,


Eye Zion-nyɔnuvi tsi anyi abe agbadɔ le weingble me, abe miaƒe le adzamatregble me kple du, si woɖe to ɖo la ene.


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.


Elabena kpɔ ɖa, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, aɖe atizɔti kple ziɔɖeŋu ɖa le Yerusalem kple Yuda, abolo ƒe xɔnamewo katã kple tsi ƒe xɔnamewo katã,


Matso ɖeviwo aɖo woƒe amegãwoe, eye ɖevinuwɔlawo aɖu fia ɖe wo dzi;


eyata Aƒetɔ la abebe ta na Zion-nyɔnuviwo, eye Yehowa aɖe ama wo.


Ame vɔɖiwo ƒe akaɖi enye nuvɔ̃, dadaŋkuwo kple dzi, si vu gblotoo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite