Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Baba na ame vɔ̃ɖi, etɔ me vɔ̃e nɛ, elabena nusi eƒe asi wɔ la, eya woatsɔ awɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi. Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 3:11
36 Referans Kwoze  

Ke eme menye na ame vɔ̃ɖiwo o, eye abe vɔvɔli ene womanɔ agbe didie o, elabena womevɔ̃a Mawu o.


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Mawu ƒo nu zi ɖeka, eye nu eve mese le eme; Mawu tɔe nye ŋusẽ,


Wɔ na wo le woƒe nuwɔnawo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo nu; wɔ na wo le woƒe asinudɔwɔwɔwo nu, eye nam woƒe fe na wo!


Ɖevi, si xa ŋkeke ʋee alo amegã ɖeɖi, si ƒe ŋkekewo mede keŋ o la, magano afima o; elabena amesi xɔ ƒe alafa hafi ku la, ɖevie, eye nuvɔ̃wɔla, si xa ƒe alafa la, fiƒode ava edzi.


Yehowa be: Ŋutifafaa ɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.


eyata woaɖu woƒe zɔzɔme ƒe kutsetsewo, eye woƒe aɖaŋuɖeɖewo neɖi ƒo na wo.


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


ekema nasee le dziƒo, eye nadrɔ̃e na wò dɔlawo ahabu fɔ vodala, eye nana eƒe nuwɔwɔ nava eƒe ta dzi; ke natso afia na nya dzɔdzɔe tɔ, eye nawɔ nɛ le eƒe dzɔdzɔenyenye nu!


Ne meɖi fɔ la, haha nam! Eye ne tɔnye dzɔ la, nyemafɔ ta dzi o, nye amesi nye ŋukpego, eye mele nye hiã leƒe kpɔm.


Amegbetɔ ƒe nu ƒe kutsetse hea nyui vana nɛ taŋtaŋ, eye nusi ame ƒe asi wɔ la, eya gbugbɔna vana nɛ


Matu xexeame ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ame vɔ̃ɖiwo ƒe vodada ŋu fe na wo, mana dadalawo ƒe dada nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to.


Kpɔ ɖa, meŋlɔe ɖi ɖe ŋkunye me, nyemazi kpi o, negbe ɖeko maɖo eteƒe hafi, maɖo eteƒe ɖe woƒe akɔ me;


Yehowa be: Madzidze miaƒe nuvɔ̃wo ɖe akɔ me na mi gbã, miaƒe vodadawo kple mia fofowo ƒe vodadawo siaa, amesiwo do dzudzɔ le towo dzi, eye woɖe alɔme le ŋunye le togbɛwo dzi.


Yehowa be: Mahe to na mi ɖe miaƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse nu, eye mado dzo ɖe woƒe ave me, ne wòabi woƒe nutowo katã me.


ke boŋ amesiame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe vodada ta, eye amesi ɖu weintsetse hɔhlɔ̃e la, eyae aɖu anyɔ.


Eye wòkekee ɖe ŋkunye me, woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo, eye woŋlɔ konyifahawo, hũɖeɖewo kple vevesesewo ɖe eme.


Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku; fofo ƒe vodada manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada manɔ fofo dzi o; ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ava eya ŋutɔ dzi, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ ava eya ŋutɔ dzi.


Nye Yehowa ye ƒo nu, egbɔna, eye mawɔ edzi, nyemadzudzɔ o, nyemakpɔ ame ta o, eye nyemakpɔ nublanui o, ke boŋ woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawo nu, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: „Ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge,“ ke meƒo nu hexlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la le eƒe zɔzɔme ŋuti o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodada ta, ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me.


Emegbe woado ɣli ayɔ Yehowa, ke matɔ na wo o, eye wòaɣla ŋku me ɖe wo ɣemaɣl le woƒe nuwɔua vɔ̃ɖlwo ta.


Ke anyigba anye gbegbe le edzinɔlawo ŋuti le woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse ta.


Ke ne miewɔ alea o la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye míakpɔ miaƒe nuvɔ̃wo tɔ nua.


Eye Mawu he nu vlo, siwo katã Sixemtɔwo wo la, va wo dzi. Ale Yotam, Yerub-Baal vi, ƒe fiƒode la ɖi wo ŋu.


Ke nye la ɖevi dzaa menye, hafi wòsi ami nam menye fia. Ke Zeruya vi siawo tri akɔ wum. Yehowa naɖo vɔ̃ eteƒe na nuawɔla ɖe eƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ la nu!


Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwo, eye makplɔ wò kple xa; eye matsrɔ̃ Axab ƒe ŋutsuwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ɖa le Israel.


Kpɔ ɖa, woɖoa eteƒe na ame dzɔdzɔe ke hã le anyigba dzi, ʋuu keke wòayi ame vɔ̃ɖiwo kple nuvɔ̃wɔlawo nye gea?


Amesi ɖe ʋe la, eya ŋutɔ adze eme, eye kpe age adze emlila dzi.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nèdo vlo atam la, eye netu nubabla la, eye mewɔ na wò, abe alesi nèwɔ ene hã la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite