Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 3:10
28 Referans Kwoze  

Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Ne nuvɔwɔla wɔa vɔ̃ zi alafa, gake nɔa agbe didie hã la, nyee menyae be, eme anye na mawuvɔ̃la, siwo sia eƒe ŋku me.


Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.


Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokul ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, amea ɖe menye nu o woatsɔ mi aɣia le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!


Yehowa be: Vava, mali ke wò hena nyuie, vava, mana ketɔ la naƒo koko na wò le dzɔgbevɔ̃eɣi kple hiãɣi.


Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.


Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


Ke Mawu wo nyuie na vixelawo. Eye dukɔ la dzi ɖe dzi, eye wosẽ ŋu.


Megaɖui o, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo, le esi nèwɔ nusi dze Yehowa ŋu la ta.


Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ, elabena ele hlɔ̃biabia kpɔm, eye aklɔ eƒe afɔwo ɖe eme vɔ̃ɖi ƒe ʋu me.


Amegbetɔ ƒe nu ƒe kutsetse hea nyui vana nɛ taŋtaŋ, eye nusi ame ƒe asi wɔ la, eya gbugbɔna vana nɛ


Dzɔgbevɔe tia nuvɔwɔlawo yome; ke etsɔa nyui tua fe na eme dzɔdzɔewo.


Ku kple agbe le aɖe si me, amesi dze xɔlɔ̃e, aɖu eƒe kutsetsewo.


Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Ke boŋ nya siae metsɔ de se na wo be: Mise nye gbe, ne manye miaƒe Mawu, eve miawo mianye nye dukɔ, eye mizɔ nye mɔ, si meɖo na mi la dzi, be eme nanyo na mi.


Yehowa be: Mahe to na mi ɖe miaƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse nu, eye mado dzo ɖe woƒe ave me, ne wòabi woƒe nutowo katã me.


Ne ele aɖika dom le sedertiwo me la, ɖe nèbuna be, eyae nye fianyenyea? Fofowò hã ɖu nu, eye wono nu, ke edrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe, eye eme nyo nɛ.


Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku; fofo ƒe vodada manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada manɔ fofo dzi o; ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ava eya ŋutɔ dzi, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ ava eya ŋutɔ dzi.


Ke anyigba anye gbegbe le edzinɔlawo ŋuti le woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse ta.


Yayra ava ame dzɔdzɔe ƒe ta dzi, ke ŋutasesẽ ɣla de ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me.


Eye wògblɔ na eya hã bena: Wò hã ànɔ du atɔ̃ dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite