Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Elabena kpɔ ɖa, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, aɖe atizɔti kple ziɔɖeŋu ɖa le Yerusalem kple Yuda, abolo ƒe xɔnamewo katã kple tsi ƒe xɔnamewo katã,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, aɖo asi Yerusalem kple Yuda ƒe nuɖuɖu kple tsi ƒe kpɔtsoƒewo kple dzikpɔkpɔ dzi. Aɖo asi nuɖuɖu kple tsinono siwo katã wònaa wo la dzi.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 3:1
19 Referans Kwoze  

Magblẽ abolo, si nye miaƒe agbe la dome, eye nyɔnu ewo aƒo abolo de kpo ɖeka me, eye woaxlẽ abolo de do nu na mi, eye miaɖui maɖi ƒo na mi o.


Amevi, ne anyigbae ete wo nuvɔ̃ ele ŋunye hetrɔ ʋu le yonyeme, eye medo nye asi ɖa ɖe eŋu heŋe abolo ƒe ziɔdeŋu, eye meɖo dɔwuame ɖe afima, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi,


Eyata Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, Israel ƒe ŋusẽtɔ la ƒe gbe enye si: Alele, mele akɔ fa ge na ɖokuinye ɖe nye ketɔwo ŋu, eye mele hlɔ̃ bia ge ɖe nye futɔwo ŋu.


Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ nu manyomanyo ɖe nyagblɔɖila Yeremya ŋu, be wotsɔe de do me, ne dɔ nawui woaku ɖe afima; elabena abolo vɔ le dua me.


Tete fia Zedekiya de se be, woadzɔ Yeremya ŋu le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wotsɔa abolo ɖeka nɛ gbesiagbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, vaseɖe esime woɖu abolowo katã wòvɔ le dua me. Eye Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.


Ale wò Aƒetɔ Yehowa kple wò Mawu, amesi wòa avu ɖe eƒe dukɔ nu la, gblɔ esi: Maxɔ kplu muame, nye dɔmedzoekplu la, le asiwò me, eye màganoe azɔ o;


Rabsake ɖo ŋu bena: Mia kple wò aƒetɔ gbɔe nye aƒetɔ dɔm ɖo, be magblɔ nya siawoa? Ɖe menye ŋutsu, siwo bɔbɔ no glia dzi, be woaɖu woawo ŋutɔwo ƒe mi, eye woano woƒe aɖuɖɔ kpli mi la gbɔe oa?


Eyata woaɖe aboyo nye dukɔ le manyamanya me, woƒe ame ŋkutawo azu dɔwuitɔwo, eye tsikɔ awu woƒe amehawo ate wo ŋu.


Eyata miɖe asi le amegbetɔ, si ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ le la ƒe nya me, elabena nukata gɔ̃ woabui ɖo?


Eyɔ dɔwuame va anyigba dzi, eye wòŋe abolo ƒe ziɔɖeŋutiwo katã.


Yehowa be: Esi Zion-nyɔnuviwo dana, eye wolia kɔ ganɛ nɔa yiyim, woɖoa mo ŋanɛ, wonɔa ble nyẽm xatsɛxatsɛ nɔa yiyim, eye woƒe afɔgawo nɔa ɖiɖim gleŋgleŋ la,


Manase ɖu Efrayim, eye Efrayim ɖu Manase; woa kple eve la siaa wotso ɖe Yuda ŋu. Ke to esiawo katã gbɔ ha eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yerusalem kple Yuda ŋu, vaseɖe esime wòtsɔ wo ƒu gbe le eƒe ŋku ta. Eye esi Zedekiya dze aglã ɖe Babel-fia ŋu la,


Le dzinu enelia ƒe ŋkeke asiekelia dzi la dɔwuame nu sẽ le dua me, ale be aboloa ɖeke megali na dukɔ hahoo la o.


Gae míetsɔna hafi noa míaƒe tsi, eye ɖe míeƒlea míaƒe nakewo.


Medo kuvia miaƒe aɖuwo le miaƒe duwo katã me, eye mena abolokoe wɔ nu le mia nɔƒewo katã; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Azɔ nukaŋutl nẽle aƒa ɖom ale? Ɖe fiaa ɖeke megale me-wò o, eye adaŋudela bu ɖe wò, ale be nẽle ku lém abe nyɔnu, si le vi ɖzim la enea?


Le dzinu enelia ƒe ŋkeke asiekelia dzi, esime dɔwuame nu sẽ le dua me, eye aboloa ɖeke meli na dukɔ hahoo la o la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite