Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 27:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nye Yehowa manye eŋu dzɔla, eye made tsii ɣesiaɣi, be naneke magawɔe o; madzɔ eŋu zã kple keli.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Nye Yehowae kpɔa edzi. Medea tsii ɣe sia ɣi. Medzɔa eŋu zã kple keli be ame aɖeke magagblẽe o.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 27:3
26 Referans Kwoze  

ekema Yehowa akplɔ wò ɖaa, eye wòaɖi ƒo na wò le kuɖiɖinyigba dzi, aɖe agbe wò ƒuwo me, eye ànɔ abe abɔ, si wode tsii, kple tsidzɔƒe, si ƒe tsiwo memiena o la ene.


Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo ƒe afɔ dzi, ke ame vlowo atsrɔ̃ ɖe viviti me; elabena ame ƒe ŋusẽ mena wòzua dziɖula o.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli maɖi nye alẽwo, eye malé ŋku ɖe wo ŋu.


Made nye gbɔgbɔ mia me, ne miagbɔ agbe, eye makplɔ mi aɖo miaƒe anyigba dzi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. Yehowa be: Nyee gblɔe, eye mawɔe hã.


Nye Yehowa manye Mawu na wo, eye nye dɔla Dawid anye amegã le wo dome; nye Yehowa ye gblɔe.


Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no, ne nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ, Yakob ƒe ŋusẽtɔ enye wò ɖela.


Mido ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, amea ɖeke mesɔ kplim o;


Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Tɔsisi la ƒe alɔdzewo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du, si nye dziƒoʋitɔ ƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Elabena nye la mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku.


Eye dukɔwo adze sii be, nye Yehowa ye ko Israel ŋu, ne nye kɔkɔeƒe la le wo dome tegbee.


Kpɔ ɖa, mebia nu kpli mi kple míaƒe dzidzimeviwo


Alesi xevi ɖoa agbae la, nenema Yehowa adzɔ Yerusalem ŋu, adzo eŋu, eye wòaxɔ nɛ, akpa eta, eye wòaɖee.


Nye Yehowa ye yɔ wò le dzɔdzɔenyenye me, melé wò alɔnu, eye mekpɔ tawò, eye metsɔ wò wɔ nubabla na dukɔ la kple kekeli na anyigba dzi dukɔwo,


Ale Yehowa gblɔ esi: Mase wò gbe le amenuveɣi, eye maxɔ na wò te xɔnamegbe, makpɔ tawo, eye matsɔ wò aɖo nubabla na dukɔ la, ne naɖo anyigba la te, eye namã domenyinu, si zu gbegbe la;


Eye nye nya, siwo metsɔ ƒo koko le Yehowa ŋku me la, nanɔ Yehowa, mía Mawu la ŋku me keli kple zã, ne wòatso na eƒe dɔla kple eƒe dukɔ Israel ɣeawokatãɣi, abe alesi wòhiã ene;


Elabena maƒo tsi ɖe kuɖinyigba dzi kple tɔʋu wo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite