Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 26:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Miʋu agboawo, ne dukɔ dzɔdzɔe, si dzraa nyateƒe ɖo la, nage ɖe eme.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Miʋu agboawo be dukɔ dzɔdzɔe la nage ɖe eme; dukɔ si lé xɔse me ɖe asi.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 26:2
25 Referans Kwoze  

Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Yehowa ƒe agboe nye esia, ame dzɔdzɔewoe age ɖe eme.


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Wo agbowo anɔ nuvo ɖaa, eye womado wo o zã Kple keli, ne woahe dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ve na wò, eye woƒe fiawo nanɔ wo nu.


Mito agboawo me yi, mito wo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la; mido mɔ, miɖo mɔ, miɖe kpewo ɖa, mikɔ aflaga dzi na dukɔwo!


Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye, fiawo katã akpɔ wò ŋutikɔkɔe, eye woayɔ ŋkɔ yeye, si Yehowa ƒe nu agblɔ la, na wò.


hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.


Wò dukɔ anye ame dzɔdzɔewo sɔŋ, eye anyigba anye wo tɔ tegbee, nye atibɔmeti fẽ kple nye asinudɔwɔwɔ, si ade bubu ŋunye la, wonye.


Dzɔdzɔenyenye woatsɔ ali ke wò; anɔ adzɔge na ŋutasesẽ, elabena mavɔ̃ o, eye anɔ adzɔge na ŋɔdzi, elabena mate ɖe ŋuwò o.


ne makpɔ wò ame tiatiawo ƒe dzɔgbenyuie, dzi nadzɔm ɖe wò dukɔ ƒe dzidzɔ ŋu, eye maƒo adegbe akpe ɖe wò domenyinu ŋu!


Eye mianye; nunɔlawo ƒe fiaduƒe kple dukɔ kɔkɔe nam! Esiawo nye nya, siwo nagblɔ na Israel-viwo.


Eye dukɔwo azɔ eƒe kekeli me, eye anyigba dzi fiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ ava emee.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Dukɔwo kple ɖu geɖewo me nɔlawo agava.


Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò hayahaya ado kaba, wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔwò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ahe megbe na wò.


Lɔlɔ̃tɔwo, esi medo vevie ŋutɔ, bena maŋlɔ nya le mi katã miaƒe xɔxɔ la ŋuti aɖo ɖe mi la, ezu dzizizi nam be, maŋlɔe atsɔ axlɔ̃ nu mi, bene miaʋli xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta.


Ke miele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.


Mi agbowo, mikɔ ta dzi, mi blemaʋɔtruwo, mitɔ dzi, ne bubufia la nage ɖe eme!


Miʋu dzɔdzɔenyenyegbowo nam, ne mage ɖe eme ada akpe na Yehowa.


Yehowa ye woatsɔ atso afia na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woaƒo adegbe.


Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o, eye àyɔ wò gliwo be „xɔname“ kple wò agbowo be „kafukafu“.


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Nyemazi ɖoɖoe o le Zion ta, eye le Yerusalem ta nyemagbɔ ɖe eme o, vaseɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye nado abe kekeli ene, eye eƒe xɔname nabi abe akakati ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite