Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 26:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Yehowa, ana ŋuti fafa mí, elabena èwɔ míaƒe do wo katã de goe na mí.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Yehowa, wòe ɖo ŋutifafa ɖi na mí; nu siwo katã míete ŋu wɔ la wòe wɔ wo na mí.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 26:12
22 Referans Kwoze  

Elabena eyama ƒe nuwɔwɔ míenye, wowɔ mí le Kristo Yesu me hena dɔ nyui wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi, bene miazɔ le wo me la.


Ve nunye, Mawu, ve nunye; elabena gbɔwò meɣla ɖo, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mehe ɖo, vaseɖe esime gbegblẽ la nu nayi!


Yehowa atsɔ ŋusẽ na eƒe dukɔ; Yehowa atsɔ ŋutifafa ayra eƒe dukɔ!


Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne megado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wo, eye mahaya wo, eye mana ŋutifafa kple nyateƒe wo fũ,


Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Ke megagbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne magado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.


Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ la, ne magaɖo gui le dukɔ, siwo dome wole la ŋku me o, amesiwo ŋku me meɖe ɖokuinye fia wo le, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi.


Ne wò ma didi la te ɖeɖi ŋuwò hã la, mègblɔna be, yeadzudzɔ o; agbe gale ŋuwò, eyata nu mete ŋuwò o.


Benyamin, si nye dɔmlɔea, nye woƒe dziɖula, Yuda-amegãwo kple woƒe ame gbogboawo, Zebulon-amegãwo kple Naftali-amegãwo.


Ale Aƒetɔ, mía Mawu, ƒe ɖɔmenyo nanɔ mía dzi, eye wòana míaƒe asinudɔwo nali ke zã na mi, ẽ, míaƒe asinudɔwo wòana woayi dzi nyuie!


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Etsɔ ŋutifafa dzra amesi ƒe susu li ke la ɖo, elabena eɖo dzi ɖe ŋuwò.


negbe ɖeko woava sim atso, eye woawɔ ŋutifafa kplim hafi, ŋutifafa ko woawɔ kplim hafi!


Ne viawo kpɔ nye asinudɔwɔwɔwo le wo dome la, woakɔ nye ŋkɔ ŋu, woakɔ Yakob ƒe kɔkɔetɔ la ŋu, eye woava Israel ƒe Mawu la;


Eye nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.


Yehowa, amesi wo nuyiwo ƒe kutsetse la, gblɔ be: Ŋutifafa, ŋutifafa mana didiƒe nɔlawo kple kpuiƒe nɔlawo, eve mayɔ do wo.


Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò, eye wòana ŋutifafa wò!


Mele Mawu dziƒoʋitɔ la yɔm, Mawu, amesi awɔe ade goe nom.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite