Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 26:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ne wòve ame vɔ̃ɖi nu la, mesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ ewɔa nu vɔ̃ɖi le anyigba dzɔdzɔe dzi, eye meléa ŋku ɖe Yehowa ƒe gãnyenye ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Togbɔ be wovea ame vɔ̃ɖiwo nu hã la, womesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o; le dzɔdzɔenyenye ƒe anyigba dzi gɔ̃ hã la, wogale nu tovowo wɔwɔ dzi ko, eye womekpɔ Yehowa ƒe gãnyenye o.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 26:10
36 Referans Kwoze  

Aglãdzedze de ŋunye vivia nye dukɔ nu, eye ne woyɔ wo ɖo ta dzi hã la, wo ɖometɔa ɖeke mefɔa eɖokui dzi o.


Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o.


Mitso miadzo! Elabena afi menye mia nɔƒe o; le nu makɔmakɔ wɔwó ta woatsɔ gbegblẽ, si teƒe mekɔ o la, agblẽ mi.


Eye mekplɔ mi va anyigba wɔnu dzi, be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo; ke miawo mieva hedo gu nye anyigba la, eye mietsɔ nye domenyinu la wɔ ŋunyɔnui.


Eye megakpɔ le ɣea te be, nu madzɔmadzɔ le ʋɔnuɖrɔ̃ƒe, eye nu madzɔmadzɔ le dzɔdzɔenyenye nɔƒe.


Elabena gegemewo ƒe godzedze wua woawo ŋutɔwo, eye bometsilawo ƒe anyinɔnɔ bɔkɔɔ tsrɔ̃a wo.


Exɔ na wo zi geɖe; ke woawo se to le woƒe aɖaŋudedewo nu, eye woyi to le woƒe vodadawo me.


Yesurun ɖa ami, eye wòda afɔkli. Eye esi nèda ami klã, eye nèkpɔ lãme la, egblẽ Mawu, si wɔ wò la ɖi, eye nedo vlo agakpe, si nye wò xɔxɔ.


Ke esi Farao kpɔ bena, tsidzadza, kpetsi kple dziɖegbe la nu tso la, egayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, eye eva kple eŋu mewo sẽ woƒe dzime.


Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Esi wokpɔ gbeɖuƒe la, woɖu nu ɖi ƒo; eye esi woɖi ƒo la, woƒe dzi de esi dada me, eye woŋlɔm be.


Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ne megaɖo wò te la, ekema woagblɔ nya sia le Yuda-nyigba dzi kple eƒe duwo me bena: Yehowa ayra wò, wò dzɔdzɔenyenye nɔƒe, wò to kɔkɔe!


Eye woava me be, woaku kpẽ gã la, eye amesiwo bu ɖe Asur-nyigba dzi kple amesiwo wonyã de gbe ɖe Egipte-nyigba dzi la, ava ado gbe ɖa le Yehowa ŋku me le to kokoe la dzi le Yerusalem.


Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda seawo dzi, wòto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la.


Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.


Yi ɖe agato me, eye naɣla ɖokuiwò ɖe ke me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu!


Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye; wò gbɔgbɔ nyui la nekplɔm to anyigba sɔsɔe dzi!


Samuel gblɔ be: Mele eme oa? Esi mèbu ɖokuiwò naneke o hã, mèzu Israel-toawo ƒe tatɔ oa? Eye Yehowa si ami na wò heɖo fia ɖe Israel nu.


Elabena bometsila gblɔa bometsinya, eƒe dzi hea dzɔgbevɔ̃e va aƒee, ne wòawɔ nu tovo ahagblɔ nya trama ɖe Yehowa ŋu, wòana dɔwuitɔwo natsi domeɣi, eye nunono nahiã tsikɔwuitɔwo.


Tete Abosam kplɔ eyama heyi ɖe du kɔkɔe la me, eye wòtsɔe da ɖe gbedoxɔ ƒe tsutsuẽƒe,


Ke menyae be, wò ŋutɔ kple ŋuwò mewo miele Yehowa Mawu vɔ̃m haɖe o.


Elabena wole amesi nèƒo la, yome tim, eye amesi ŋu nède abi la, ƒe vevesesewo ŋu wole nu ƒom le.


Ayetɔ ɖoa ta me vɔ̃ɖi, edea adaŋu vɔ̃ be, yeatsɔ alakpanya agblẽ hiãtɔwoe, nenye be, ame dahe la to nya dzɔdzɔe hã.


Ɖeko womeɖe asi le Yerobeam ƒe aƒe la ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o; ke boŋ wowɔ wo, eye Aserawo hã tsi Samaria.


Esi afia menye tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi doa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ de nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.


Aleke du wɔnuteƒe, si me nya dzɔdzɔe no tu la, zu gbolo? Afisi dzɔdzɔenyenye na tsã la, hlɔ̃dolawo li fifia!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite