Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 26:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ɣemaɣi woadzi ha sia le Yuda-nyigba dzi be: Du sesẽ le mía si, etsɔ eƒe xɔname wɔ gli kple ʋewo na mí.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Gbe ma gbe la, woadzi ha sia le Yudanyigba dzi be: Du sesẽ aɖe le mía si; Mawu tsɔ ɖeɖe ɖo gli sesẽ aɖe ƒo xlãe.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 26:1
34 Referans Kwoze  

Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o, eye àyɔ wò gliwo be „xɔname“ kple wò agbowo be „kafukafu“.


Kpɔ ɖa, Yehowa na wosee le anyigba ƒe mlɔenu ke: Migblɔ na Zion-nyɔnuvi be: Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna, kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe dɔ dze eŋgɔ.


Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi.


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


Ɣemaɣi woagblɔ bena: Kpɔ ɖa, mía Mawu, amesi ŋu míedo ŋu ɖo be, aɖe mi la, enye si; Yehowa, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si! Mina miatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!


Zion-to nekpɔ dzidzɔ, eye Yuda-nyɔnuviwo netso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta!


Eɣla wo ɖe wò ŋku me ƒe ɣaɣlɛƒe tso amewo ƒe aglãdzedzewo nu, eye nèɣla wo ɖe agbadɔ me tso aɖeʋawɔwɔ nu.


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Ɣemaɣi la àgblɔ bena: Mekafu wò, Yehowa, elabena edo dɔmedzoe ɖe ŋunye, ke wò dɔmedzoe nu fa, eye nève nunye.


Mele ha dzi ge le xɔ̃nye ŋu, mele xɔ̃nye ƒe ha dzi ge le eƒe weingble ŋu. Weingblea ɖe le xɔ̃nye si le totame wɔnua ɖe.


Gbemagbe la amegbetɔ atsɔ eƒe klosalolegba kple eƒe sikalegba, siwo wòwɔ, be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo,


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã le ŋkeke ma dzi.


Wodzi kafukafuha kple akpedaha na Yehowa be. Eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee ɖe Israel dzi Eye ɖukɔ blibo la tso aseye sesie, esime wole Yehowa kɔfum, le esi woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi ŋuti.


Ɣemaɣi Israel-viwo dzi ha sia bena: „Vudo, dzi! Midzi ha ɖe eŋu!


Gbemagbe la Yehowa ƒe atidzedze anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susɔeawo.


Agbo, fa avi; du, do ɣli: Filisti-nyigba blibo la, lolo gbanaa! Elabena dzudzɔ tso anyiehe gbɔna, eye amea ɖeke metsi megbe le eƒe aʋawɔlawo dome o.


Alesi xevi ɖoa agbae la, nenema Yehowa adzɔ Yerusalem ŋu, adzo eŋu, eye wòaxɔ nɛ, akpa eta, eye wòaɖee.


eƒe agakpe ate ɖa le vɔvɔ̃ ta, eye aflaga ana dzidzi naƒo eƒe amegãwo; Yehowa, amesi ƒe dzo le Zion, eye eƒe mlekpui le Yerusalem lae gblɔe.


Yehowa ɖo kpo, elabena ele dzi me, eye wotsɔ: nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye yɔ Zion taŋ;


eye dziɖeɖi, xɔname geɖe, nunya kple sidzedze anɔ wò ŋkekewo me; Yehowa-vɔvɔ̃ anye wò kesinɔnu.


Mana ŋkuɖodzinu kple ŋkɔ, siwo nyo wu ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo la wo ɖe aƒenye me kple nye gliwo me; ŋkɔ mava, si metsrɔ̃na o la, mana amesiawo tɔgbe.


Mito agboawo me yi, mito wo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la; mido mɔ, miɖo mɔ, miɖe kpewo ɖa, mikɔ aflaga dzi na dukɔwo!


Eye gli ƒo xlã xa la godoo va kpe. Dzidzeti, si le ŋutsua si la, le abɔklugui ade; abɔklugui ɖeka tsa asi ƒe kekeme wu abɔklugui hahoo tɔ. Eye wodzidze gli la, ekeke dzidzeti ɖeka, eye wòkɔ dzidzeti ɖeka.


Mawu fia eɖokui le eƒe fiasãwo me abe sitsoƒe ene.


Nye ŋutɔ manye dzogli anɔ eŋu godoo, eye manye atsyɔ̃ ana eme; Yehowa ye gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite