Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 24:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Woaɖi gbɔlo anyigba ƒiaƒiaƒia, eye woahae keŋkeŋ, elabena Yehowa gblɔ nya sia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Woaɖi gbɔlo anyigba la ƒiaƒiaƒia, eye woahae keŋkeŋ. Yehowae gblɔ nya sia.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 24:3
16 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, Yehowa aɖi gbɔlo anyigba, eye wòagblẽe, atrɔ eƒe ŋku me abu anyi, eye woaka edzi nɔlawo ahlẽ.


Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe,


Eye wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zehaotƒe nue gblɔe,


eyata mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe towo kple togbɛwo, balimewo kple gbadzaƒewo, glikpo gbagbãwo kple du ƒuƒluwo, siwo zu nuhaha kple alɔmeɖenu na dukɔwo ƒe mamleawo godoo la ŋu enye si:


Yehowa Zebaot be: Le ɣemaɣi la tsyoti, si woƒo ɖe teƒe sesẽ la, agli, aŋe, age adze anyi, eye agba, si le eŋu la, akaka gbẽ; elabena Yehowa ye gblɔe!


eye Kedar-viwo ƒe aʋawolawo ƒe dati susɔeawo ƒe xexlẽme azu ʋee; elabena Yehowa. Israel ƒe Mawu la, ye gblɔe!


bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.


Nusi ɣla enye Yehowa, mía Mawu tɔ, ke nusi le gaglãgbe enye mía kple mia viwo to tegbee, be miawo se sia ƒe nyawo katã dzi.


eye dukɔwo katã agble bena: Nukaŋuti Yehowa wo anyigba sia alea, eye dɔmedzoe gã ka ƒomevi enye si?


Misee, eye miƒu to anyi; miganɔ dadam o, elabena Yehowa le nu ƒom.


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


Eye woava me na dukɔ abe nunɔla ene, dɔlaŋutsu abe eƒe aƒetɔ ene, dɔlanyɔnu abe eƒe aƒenɔ ene, nuƒlela abe nudzrala ene, agbanatɔ abe agbanadola ene, eye fenyila abe fetɔ ene.


Anyigba le nu xam, eye wòyrɔ; nu te xexeame ŋu, eye wòlé akpɔ; nu te anyigba dzi dukɔwo ƒe bubumewo ŋu.


Ɣemaɣi la woado lo ɖe mia ŋu, eye woadzi konyifaha agblɔ bena: Wogblẽ ml keŋkeŋ, wodzidze nye ɖukɔ ƒe anyigba, eye wome-gagbughɔe na ml o; womã míaƒe agblewo na amesiwo ɖe aboyo ml.


ke dukɔ, si woha, eye woda adzoe la wonye, mɔ̃ ɖe wo katã le do me, eye woɣla ɖe gaxɔ me; woɖe aboyo wo, ke amea ɖeke mexɔ wo o, woha wo, ke amea ɖeke megblɔ be: Migbugbɔ wo vɛ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite