Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 21:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata nye ali tsom, eye veve ƒo ɖe dzinye abe nyɔnu dzivi ƒe vevesese ene. Nye ta me tɔtɔ, ale be nyemele nu sem o, eye dzi-dzi ƒom, ale be nyemele nu kpɔm o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Eya ta vevesese na nye ameti blibo la meʋuʋu. Vevesese ƒo ɖem abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Nu siwo mese la na memu sɔgɔsɔgɔ, eye dzidzi ƒom le nu siwo mekpɔ la ta.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 21:3
17 Referans Kwoze  

Dzidzi ƒo wo, nutsoame kple veve lé wo, eye wole ku lém abe nyɔnu dzivi ene; wofa ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eve woƒe mo le vem hẽ!


Alesi ne funɔ ƒe vidzidzi tu aƒe wonoa togotogoe ƒom nɔa ɣli dom le veve sese ta la, Yehowa, nenema míenɔ le ŋkuwò mee.


Esi wokpɔe la, woƒe nu ku, dzidzi ƒo wo, eye wosi.


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


Wòxɔ duwo, eye wòxɔ mɔ̃ sesẽwo. Moab-kalẽtɔwo ƒe dzi le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.


Eyata nye dɔkavi le gbe ɖem ɖe Moab ŋu abe ka-saŋku ene kple nye dɔme ɖe Kir-Xeres ŋu.


Mesee, eye nye dɔme ʋuʋu, nye nuyiwo le ƒoƒom kokóko, eye ŋuɖui ɖo ƒuwo me nam; ne metsi tre ɖi la, menɔa dzodzom nyanyanya, elabena mele anyi nɔ ge kpoo akpɔ hiãɣi, si le dukɔ, si xaxa mí ɖo la dzi va ge.


Esi Babel-fia se nya le wo ŋu la, eƒe asiwò ɖo agblɔ, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wose veve abe nyɔnu léku ene.


Kpɔ ɖa, egbɔna abe hɔ̃ ene, eye wòadze akeke eƒe aʋala ɖe Bozra dzi, eye Edom-kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.


Eyata mala avi, abe alesi Yaezer le avi fam ɖe Sibma ƒe weinka ŋu ene, Xesbon kple Eleale, mafa nye adatsi ɖe mía dzi, le esi aʋaɣli dze miaƒe kutsetsegbeɣi kple nuŋeɣi me la ŋuti.


Nye dzi le nu xam ɖe Moab ŋu, eya, si ƒe amewo si de Zoar kple Eglat etɔ̃lia ke; elabena wole avi fam le Luxit-to dzi mɔ la dzi; elabena konyifaɣli le ɖiɖim le wo ŋu le Xoronayim-mɔta.


Ŋdi la agblɔ be: Ao, zã maɖo dzroa! Eye fiẽ la agblɔ be: Ao, ŋu make dzroa! Elabena wò dzi le dzodzom nyanyanya le nu, siwo teƒe wò ŋkuwo le kpɔkpɔm la ta.


Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.


Nye dɔkaviwo, nye dɔkaviwo! Mele togotogoe ƒom le vevesese ta, nye dzixɔ, nye dzi dze agbo le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena nye luʋɔ le kpẽwo ƒe ɖiɖi kple aʋaɣli sem!


„Míese eŋu nya, míaƒe asiwò do agble, ŋɔdzi lé mí, eye míele ƒoƒom tititi abe nyɔnu léku ene.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite