Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 21:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ŋutega sesẽa ɖe woɖe fiãm be: Amegɔmezɔla, zɔ ame gɔme; adzoblasu, ha nu! Elam, ho va; Media, ɖe to ɖe ŋu! Matsi eƒe hũɖeɖewo katã nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam; ametatrɔla trɔ ame ta, nuhala kpɔ nuhaha. Elam dze edzi! Media ƒu kpo ɖe eŋu! Mana hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nawu nu.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 21:2
44 Referans Kwoze  

Yehowa ƒe gbe, si va na nyagblɔɖila Yeremya ɖe Elam ŋu le Yuda-fia Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, enye si:


Baba na wò nugblẽla, si womegblẽna o, wò adzoblasu, si womedaa adzoe o! Ne èwu nugbegblẽ nu la, woagblẽ wò hã, eye ne eda adzo vɔ la, woada adzo wò hã!


Míese hadzidzi tso anyigba ƒe mlɔenu be: Woakafu ame dzɔdzɔewo! Ke nyea megblɔ be: Nye nublanuitɔ, baba nam! Adzodalawo le nu ham, nuhaha dzi adzodalawo le!


Mawu, ègbe mí, èkaka mí hlẽ èdo dɔmedzoe; gatrɔ mí gbɔe!


Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.


Peres: Woamã wò fiaɖuƒe la atsɔ na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.


Agbo dzoevee, si nèkpɔ la, enye Media-kple Persia-fiawo.


Woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã neva ŋkuwò me, eye nawɔ na wo, abe alesi nèwɔm le nye vodadawo katã ta ene; elabena nye hũɖeɖewo sɔ gbɔ, eye nye dzi le nu xam.


Ne Babel lia dziŋgɔli me, eye eƒe mɔ̃ sesẽwo mele lialia o hã la, nugblẽla atso gbɔnye ava ƒo ɖe edzi, Yehowa ye gblɔe.


Mahe to na Babel ƒe Bel, maɖe nusi wòmi la le nu me ne, eye dukɔwo magaƒo zi ɖe eŋu azɔ o; Babel ƒe gliwo hã amũ.


Minyre aŋutrɔwo, mikpla akpoxɔnuwo! Yehowa nyɔ Media-fiawo ƒe gbɔgbɔ, eye wode adaŋu ɖe Babel ŋu, be woagblẽe; elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae, hlɔ̃biabia ɖe eƒe gbedoxɔ nue.


Ke wo ɖela sesẽ, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot. Adrɔ̃ woƒe nya ade goe, ne wòana gbɔdzɔe anyigba, eye wòaɖe zi Babeltɔwo me.


Mi aŋutrɔdalawo katã, midze aʋa ɖe Babel ŋu godoo va kpe; mitee, eye migave nu le aŋutrɔ gbɔ o, elabena Yehowa ŋu wòwɔ nuvɔ̃ ɖo.


Egblɔ be: „Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam, eye nyemekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o.“


Elabena mafa dzi na luʋɔ, siwo ŋu nu te, eye maɖi ƒo na luʋɔ, siwo nu ti kɔ na.


Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.


Medo dɔmedzoe ɖe nye dukɔ ŋu, medo gu nye domenyinu, eye metsɔ wo de asi na wò; ke mèkpɔ nublanui na wo o, eye nètsɔ wò kɔkuti kpekpe do amegã ɖeɖiwo dzi.


Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


Elam kpla daku, eye tasiaɖam, siwo ame ya, kple sodolawo kpe ɖe eŋu; Kir klo nu le akpoxɔnu ŋu.


Gɔmesese nyui hea ŋudzedzekpɔkpɔ vɛ; ke ame mawɔnuteƒewo ƒe mɔ kplɔa wo dea gbegblẽ me.


Gatɔwo ƒe ŋeŋe nede gbɔwò! Le wò alɔ ƒe sesẽ la nu na kuviwo nakpɔtɔ ɖi!


amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?


Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome, eye Yehowa nabia hlɔ̃ wò nam, ke nye asi made ŋuwò o!


Le Hosea ƒe ƒe asiekelia me la Asur-fia xɔ Samaria, eye wòkplɔ Israel yi Asur hetsɔ wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kpakple Media-duwo me.


Amesiwo katã kpɔa mɔ na wò hã, ŋu makpe wo o; ke ŋu akpe amesiwo trɔ le yowòme yakatsyɔ.


Mekpɔ ame mawɔnuteƒewo, eye wòvem be, womeléa ŋku ɖe wò nyawo ŋu o.


Tete vɔvɔ ɖo fia Belsazar, eye eƒe mo fu tititi, eye dzidzi ƒo eƒe amegãwo.


Sem viŋutsuwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud kple Aram.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


be ado hamelo sia ɖa ɖe Babel-fia ŋu agblɔ bena: Funyafunyawɔwɔ nu tso, eye ŋutasesẽ wu enu!


Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, wode asi aseyetsotso me.


na Zimri-fiawo katã, Elam-fiawo katã kple Media-fiawo katã;


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maŋe Elam ƒe dati, si nye woƒe ŋusẽ vevietɔ la.


Menɔ ŋutega la me yi Susan-mɔ̃, si le Elam-nyigba dzi la me, eye wòwɔ nam le ŋutega me abe Ulai-tɔsisi la to mele ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite