Nusiawo tɔgbe xɔ nunya ƒe ŋkɔ le subɔsubɔ, si woa ŋutɔwo tia kple ɖokuibɔbɔɖeanyi kpakple ŋutilã ƒe fuwɔwɔ mè; menye le bubunua ɖeke me o, ke boŋ hena ŋutilã ƒe ƒoɖiɖi.
Ke wò, Yehowa, ènya woƒe tame, siwo katã woɖo ɖe ŋunye hena nye ku; megatsyɔ nu woƒe vodadawo dzi o, eye megatsi woƒe nuvɔ̃ nu le ŋkuwò me o; ke boŋ wòadze anyi le ŋkuwò me. Wo wo alea le wò dɔmedzoedogbe!