Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 19:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye mado avu na Egipte kple Egipte, nɔvi kple nɔvi, havi kple havi, du kple du, fiaɖuƒe kple fiaɖuƒe, ne woawo ana kple wo nɔewo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo, nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu, du natso ɖe du ŋu, eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 19:2
20 Referans Kwoze  

Esime ame alafa etɔ̃awo le kpẽawo kum la, Yehowa na amesiame trɔ yi nu ɖe nɔvia ŋu le asaɖa blibo la me, eye aʋakɔ la si, vaseɖe Bet-Sita ɖo ta Zereda va ke ɖe Abel-Mexola ƒe liƒo ŋu hegbɔ Tabat ŋu yi.


Eye Saul kple aʋakɔ blibo, si le eŋu la, kpe ta heyi aʋa la nu, eye kpɔ ɖa, wotɔtɔ nyamanyama, eye amesiame ɖi yi ɖe nɔvia ŋu.


eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.


Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o;


Nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade vi asi, ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eve woatsɔ wo ana woawu


Aƒetɔ Yehowa be: Mayɔ yi ɖe eŋu le nye towo katã dzi, eye amesiame atsɔ yi ɖe ehavi ŋu.


Eye Saul ƒe gbetasrãla, siwo le Gibea-Benyamin la, kpɔ bena, amehaa ɖewo le du ƒum tso afi yi afi.


Mawu de gbɔgbɔ vɔ̃ɖia ɖe Abimelex kple Sixemtɔwo me, ale bena Sixemtɔwo trɔ le Abimelex yome,


Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo.


Dukɔwo se wò ŋukpe ŋkɔ, eye wò ɣlikpɛdodo yɔ anyigba dzi fũ; elabena kalẽtɔ dze anyi ɖe kalẽtɔ dzi, eye wo kple eve la siaa wotsi.


Ne nyaa ɖe ɖi le ƒe si me, eye nya bubu ɖi le ƒe keme me, ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ megaɖo mi le nya, si miese le anyigba dzi la la o.


Hafi ŋkeke siawo naɖo la, fetu menɔ anyi na amegbetɔwo kple lãwo o; amesi do alo va eme la ŋu mefa o, le futɔ ta, eye meɖe adã ta me na amegbetɔwo katã ɖe wo nɔewo ŋu.


Ɣemaɣi Israel-dukɔ la ma ɖe akpa eve me; dukɔ la ƒe akpa ɖeka ku ɖe Tibni, Ginat vi ŋu, be woatsɔe aɖo fiae, eye akpa evelia ku ɖe Omri ŋu.


Dukɔ kple dukɔ kpe, eye ɖu kple du kpe, elabena Mawu tsɔ hiã vovovowo do ŋɔdzi na wo.


amewo asẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu, eye amesiame le ehavi ŋu, ɖeviwo adze agbo ɖe amegã ɖeɖiwo ŋu, eye yakamewo ɖe bubumewo ŋu.


Eye ne fiaduƒe mã de ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaduƒe ma mate ŋu anɔ anyi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite