Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 16:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wòava me, ne Moab do ɖe nuxeƒe hele dagbadagbam, eye wòva eƒe kɔkɔeƒe, ne wòado gbe ɖa la, mate ŋui o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ne eva eme be Moab do ɖe eƒe nuxeƒe la, dagbadagba ƒuƒlu koe. Ne eyi eƒe gbedoɖaƒe be yeado gbe ɖa la, mate ŋui o.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 16:12
24 Referans Kwoze  

Dibon-nyɔnuvi yi nuxe ƒe avi fa ge, Moab le konyi fam le Neho kple Medeba ta me, wo katã wolũ ta kokoe, eye wolũ gewo katã.


Yehowa be: Matsrɔ̃ amesiwo dea nuxeƒe, eye woɖoa dzudzɔ na woƒe mawuwo la ɖa le Moab.


Eye esi ɣetrɔ ɖo la, wode asi nugbenugbee wɔwɔ me vaseɖe ɣeyiɣi, si wosaa nuɖuvɔ; ke gbea ɖeke meɖi o, amea ɖeke metɔ o, eye amea ɖeke meɖo to o.


Eye Balak kplɔ Bileam yi Peor-to, si dze ŋgɔ gbegbe la tame.


Eye wòkplɔe yi ɖe Pisga-to tame, afisi gbetasrãlawo nɔna, eye wòɖi vɔsamlekpui adre hetsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vo le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Eye Bileam yi kple Balak, eye wova Kiryat-Xuzot.


Moab, baba na wò! Kamos-dukɔ tsrɔ̃, elabena wokplɔ wò ŋutsuviwo ɖade gaxɔ me, eye wokplɔ wò nyɔnuviwo yi aboyo mee.


Ŋu akpe Moab ɖe Kamos ŋu, abe alesi ŋu kpe Israel ƒe aƒe la ɖe Betel, si ŋu woɖo dzi ɖo la ŋu ene.


Esi nèle dzi ɖom ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋu la, eyata woaxɔ wò hã, eye Kamos ayi aboyo me hekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple amegãwo ŋu.


Woɖi xenyãnu le adzamatregble me, eye womate ŋu aƒo nu o; ele be, woatso wo, elabena womezɔa azɔli o. Migavɔ̃ wo o, elabena womewɔa vɔ̃a ɖeke o, eye nyuiwɔwɔ hã mele wo ŋu o.


Ede aɖaŋu geɖe wòti ko na wò; na dziŋgɔli me nyalawo, amesiwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo, eye wodzea si nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò le dzinu me la, natso axɔ na wò.


Eye wova me, esime wòle gbe dom ɖa le eƒe mawu Nisrox ƒe me la, via Adramelex kple Sarezer wowui kple yi hesi yi Ararat-nyigba dzi; eye via Esar-Xadon zu fia ɖe eteƒe.


Yehowa, wodi wò le hiã me, eye esi wò tohename va wo dzi la, wotrɔ woƒe dzi me nya wo ƒo ɖe anyi.


Ekema woayɔm, eya nyematɔ o; woadim, ke womakpɔm o.


Ɖe dukɔ, siwo fofonyewo tsrɔ̃: Gozan, Xaran, Rezef kple Eden-viwo, siwo le Telasar la ƒe mawuwo ɖe woa?


Tete wòlé eya ŋutɔ ƒe ŋgɔgbeviŋutsu, si le fia du ge ɖe eyome la, sa vɔe le glia dzi. Tete dɔmedzoe gãa ɖe va Israel dzi, eye wodzo le egbɔ hetrɔ yi woƒe anyigba dzi.


Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ.


Mele ekpɔm, gake menye fifiae o; mekpɔnɛ, gake mele kpuiƒe o. Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me; aŋe tonuƒuiwo na Moab, eye wòakaka la le amesiwo nye zi la nu.


Esi ŋu ke la, Balak kplɔ Bileam yi Bamot-Baal, afisi wòkpɔ dukɔ la ƒe mlɔenu le.


Elabena dzo do tso Xesbon, eye dzoƒaɖe tso Sixon ƒe du la me hefiã Moabitɔwo ƒe Ar kpakple Arnon-ŋu nɔlawo.


Esia nye nya, si Yehowa gblɔ ɖe Moab ŋu tsã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite