Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 15:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wosa akpanya ɖe ali le eƒe kpɔdomewo, amesiame le konyi fam le eƒe xɔtawo kple ablɔwo me, eye aɖatsi le dodom yoyoyo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Wo katã wota akpanya hele zɔzɔm le mɔtatawo dzi; wo katã wole ɣli dom le xɔwo tame kple ablɔwo me eye wotsɔ mo tsyɔ anyi hele avi fam.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 15:3
17 Referans Kwoze  

Vɔ̃ ana wò, Korazin! Vɔ̃ ana wò, Betsaida! Elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewo la, ɖe wowɔ wo le Tiro kple Zidon la, ne wòtrɔ le woƒe dzi me le blema le akpanya kple afi me.


Eye mado gu Yerusalem-xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo abe teƒe Tofet ene, xɔ, siwo katã ta me wodo dzudzɔ le na dziƒo ŋu nuwo katã, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le.


Eyata mebe: Miɖe ko ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo ɖu ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o.


Nya ɖe ŋutegabalime la ŋu: Nya ka dzo, be mi katã miede xɔta?


Dibon-nyɔnuvi yi nuxe ƒe avi fa ge, Moab le konyi fam le Neho kple Medeba ta me, wo katã wolũ ta kokoe, eye wolũ gewo katã.


Esime fia la se nyɔnua ƒe nyawo la, edze eƒe awuwo hele tsa ɖim le glia dzi; eye dukɔ la kpɔe be, eta akpanya de eƒe awuwo te.


Tete Dawid gblɔ na Yoab kple ameha, siwo katã le eŋu, bena: Midze miaƒe awuwo, mita akpanya, eye mifa konyi le Abner ŋgɔ! Eye fia Dawid dze amekukugba la yome.


Ne ètu xɔ yeye la, ekema to kpɔ ɖe xɔ la ta, bena amea ɖeke magage le edzi, eye nana wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.


Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti!


Amesiwo meku o la, ƒoƒoe te wo, eye du la ƒe ɣli de dzi.


Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe ʋeʋẽ lilili teƒe, ka axɔ ɖe alidziblanu teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖaƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya nyui teƒe, eye dzobi axɔ ɖe nyonyo teƒe.


Elabena tawo katã nye ta kokoe, wolũ gewo katã, abi kuku teƒe le asiwò katã ŋu, eye akpanya le aliwo katã dzi.


Zion-nyɔnuvi ƒe amegã ɖeɖiwo bɔbɔ nɔ anyigba, eye woƒe nu ɖe ga, wolɔ afi kɔ ɖe ta me, eye wota akpanya; Yerusalem-ɖetugbi de kɔ to.


woata akpanya, eye woalulu, ŋukpe alé ŋkumewo katã, eye tawo katã anye ta kokoe.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite