Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.
Elabena nye dukɔ wɔ vɔ̃ ƒomevi eve: wogblẽ nye, amesi nye tsi gbagbe vudo la ɖi, be woaɖe tsido na woawo ŋutɔ ɖokui, tsido, siwo gɔme ŋɔ, tsi mate ŋu anɔ wo me o.
Eye Xana do gbe ɖa gblɔ bena: Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me, eye nye dzo do lɔƒuu le Yehowa me, nye nu ké baa ɖe nye futɔwo ŋu, elabena wò ɖeɖe ladzɔ dzi nam!
Afisiafi, si to la de la, nu gbagbe, siwo katã ʋãna, agba agbe, eye tɔmelãwo asɔ gbɔ fũ; afisiafi, si to la va la, tsi la atrɔ zu tsi nyui, eye nusianu, si gbɔ tɔ la de la, agbɔ agbe.