Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 10:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nuka miawɔ le gbesigbe wotu eŋu fe, eye gbegblẽ tso adzɔge va? Ameka miasi atso, eye afika miagblẽ miaƒe kesinɔnuwo ɖo?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?

Gade chapit la Kopi




Yesaya 10:3
40 Referans Kwoze  

eye woaxlã wo kple viwò, siwo le mewo la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewo o, le esi mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o la ta.


Tohegbe ɖo, eye teƒeɖogbe ɖɔ, Israel adze sii! Nyagblɔɖila tsi bome, eye amesi si gbɔgbɔ le la, zu tsukunɔ le wò vodada gbogboawo kple fuléle geɖeawo ta.


nuka mawɔ, nenye be, Mawu tso? Eye ne edzro eme kpɔ la, aleke made eŋu nɛ?


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.


Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.


Eye ƒuta sia nɔlawo agblɔ le ɣemaɣi bena: Kpo ɖa, ale wòzu na amesiwo ŋu miele ŋu ɖom ɖo la enye si, amesiwo míesi yi ɖaɖo, be woaɖe mí tso Asur-fia si me. Aleke miawo míawɔ asi?


Akɔ aflaga dzi na dukɔa ɖe le didiƒe, eye wòala aku ayɔe tso anyigba ƒe mlɔenu, eye kpɔ ɖa, anɔ du dzi ava kaba.


Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.


Yehowa akplɔ dukɔ, si ƒe gbe mèsena o la, tso didiƒe le anyigba seƒe ke, abe alesi hɔ̃ dzona ene, ava de wò;


Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?


Tete nyagblɔɖila Yesaya va fia Xizkiya gbɔ gblɔ nɛ bena: Nya ka ŋutsu siawo gblɔ, eye afika wotso va gbɔwò? Xizkiya ɖo ŋu bena: Didiƒe wotso va gbɔnye, tso keke Babel ke.


Dzidzi ƒo nuvɔ̃wɔlawo le Zion, ame vɔ̃ɖiwo ƒe lãme ble fu: Mía dometɔ ka anɔ dzo binu gbɔ, eye mia dometɔ ka anɔ dzoxɔxɔ mava gbɔ?


hegblɔ bena: Kpao, ke boŋ míanɔ sɔwo dzi asi, eye míado sɔ ɖiduwo. Eyata miasi, eye mia yometilawo ado sɔ ɖiduwo.


Eyata tsieƒe ke eƒe ve me, eye wòke eƒe nu baa, eye Yerusalem ƒe atsyɔ̃, eƒe amehawo, eƒe howɔwɔ kple amesiwo kpɔa dzidzɔ le eme la, age ɖe eme.


Eye wodze wo yome vaseɖe kekeke Yordan nu, eye kpɔ ɖa, mɔ blibo la dziya fũ kple awuwo kple aʋawɔnuwo, siwo Aramtɔwo tsɔ ƒu gbe, esime wole sisim. Eye dɔlawo gbugbɔ va gblɔe na fia la.


Ke esi Laban viŋutsuwo gblɔ bena: Yakob da dzo mía fofo ƒe nuwo katã, eye nusiwo nye mía fofo tɔ la, woawoe wòxɔ wɔ eƒe kesinɔnu siawo katãe.


Efrayim kpɔ dɔléle, si le eŋu, eye Yuda kpɔ eƒe abiwo; tete Efrayim yii Asur, eye wòdɔ ame do ɖe fia Yareb; ke mate ŋu ada gbe te mia ŋu o, eye mayɔ dɔ miaƒe abiwo o.


Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, egbɔna abe ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene.


Ava me le ɣemaɣi be, Yakob ƒe ŋusẽ ado agblɔ, eye ami ano le eƒe lã me.


Ame kukuwo me gagbɔa agbe o, eye ŋɔliwo megafɔna o; eyata nèhe to na wo hetsrɔ̃ wo, eye nètsi woƒe ŋkɔwo katã nu.


Yehowa Zebaot atsɔ dziɖegbe kple anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi sesi, ya kple ahom kpakple dzoƒaɖe binu ahe to na wò.


wo katã woaflu wo ɖokui ɖe dukɔ, si mele ɖeke me o, mate ŋu axɔ na wo o, eye menye viɖea ɖeke na wo o, ke boŋ ŋukpe kple vlododo ko la ŋuti.


Egipte ƒe xɔname mele nemi me hã o, eyata meyɔe be, enye numeɖila, si ŋu nanekewɔwɔ mele o.


Ke wò, amesi wotsrɔ̃, nuka nahawɔ ma? Ne eta aɖabɛ, nedo sikanuwo, eye neɖo tu ɖe ŋku hã la, dzodzroe nèwɔ leke; wò lɔlɔ̃tɔwo ado vlo wò, eye woadi wò ku.


Maɖafa avi le towo dzi, maxa nu, eye mato konyifaha le gbegbe ƒe lãnyiƒe, elabena wogblẽ ale be amegbetɔa ɖeke megato wo dzi yi o, eye womegase lãhawo ƒe xɔxlɔ̃ o; dziƒoxewo kple lãwo ʋu dzo.


Eye maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, eye wo dometɔ ɖesiaɖe atsɔ eƒe lãnu alã Libanon ƒe sederti nyuitɔwo ahatsɔ de dzo me.


Nuka miawo le takpegbe kple Yehowa ƒe ŋkekenyuie la dzi?


Ame nyuitɔ le wo dome le abe ŋu ene, eye nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu aŋɔka. Le wò gbetakpɔlawo ƒe ŋkekea dzi la tohehe ava na wò; azɔ tɔtɔ aɖo wo dome.


Elabena aba ana kpute, be afɔdadra mana anyi o, eye avɔ makeke, be woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.


Ele abe ŋutsua ɖe, si si le dzata nu, eye sisiblist va do goe, eye esi wògbɔ va aƒe hetsɔ asi ziɔ ɖe gli ŋu la, da ɖui la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite