Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Zion-nyɔnuvi tsi anyi abe agbadɔ le weingble me, abe miaƒe le adzamatregble me kple du, si woɖe to ɖo la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Zion nyɔnuvi tsi akogo abe agbadɔ si le waingble me ene, abe agblexɔe le dzamatregble me ene, eye abe du si ŋu futɔwo ɖe to ɖo ene.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 1:8
21 Referans Kwoze  

Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


„Megavɔ̃ o, Zion vinyɔnuvi, kpɔ ɖa, wò fia la nɔ tedzivia ɖe dzi gbɔna!“


Hee! hee! Misi tso anyiehenyigba dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena mekaka mi hlẽ ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, Yehowa ye gblɔe!


Kpɔ ɖa, Yehowa na wosee le anyigba ƒe mlɔenu ke: Migblɔ na Zion-nyɔnuvi be: Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna, kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe dɔ dze eŋgɔ.


Egbea ke wòadze aʋa ɖe Nob, eye wòanye eƒe asi ɖe Zion-nyɔnuvi ƒe to, Yerusalem ƒe togbe la ŋu.


Eka kpɔ le eŋu abe le abɔ ŋu ene, eye wògblẽ eƒe takpeƒe. Yehowa na woŋlɔ ŋkekenyuie kple dzudzɔgbe be le Zion, eye wòdo vlo fia kple nunɔla le eƒe dɔmedzoe heliheli me.


Aleke Aƒetɔ la na Zion-nyɔnuvi ɖo tsizi le eƒe dɔmedzoe me! Exlã Israel ƒe atsyɔ̃ ɖe anyi tso dziƒo, eye meɖo ŋu eƒe afɔɖodzinu le dɔmedzoedogbe o.


Ale Yehowa gblɔ ɖe eŋu enye si: Ɖetugbi, Zion-nyɔnuvi, ɖe alɔme le ŋuwò, eye wòko wò, Yerusalem-nyɔnuvi ʋuʋu ta de yowòme.


nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome.


Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa:


Etu eƒe xɔ ahe agbagblaʋui ene, eye wòɖi agbaɖɔ, si dzɔla tu.


Woaƒo xlãe godoo abe agbledzɔviwo ene, le esi wodze aglã ɖe ŋunye la ta, Yehowa ye gblɔe.


asi ato Yuda, eye aɖo agbagba vaseɖe ve ke, eye eƒe aʋala, siwo ke la, asa wò anyigba ƒe kekeme. Mawu ti kpli mí!


Miaƒe anyigba zu gbegbe; dzo fiã miaƒe duwo, eye du bubu me tɔwo ɖu miaƒe agble le mia ŋku me, eye wòzu gbegbe, abe alesi wogblẽ Sodom ene.


Ɖe menye Yehowa Zebaot ye kpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí o la, anye ne esuso vie ko miele abe Sodom ene, eye míeɖi Gomora!


Eye àgblɔ le wò dzi me be: Woɖe vi le ŋunye, eye metsi ko, wode aboyom, eye wonyãm de gbe tso, ameka dzi esiawo nam? Ameka nyi wo wotsi? Kpɔ ɖa, nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, afika woawo ya no?


Matsrɔ̃ wò Zion-nyɔnuvi dzetugbee ɖuvii la.


Maƒu asaɖa anyi ɖe ŋuwò godoo, mana aʋakɔwo namimi wò ɖo, eye maɖe ne ɖe ŋuwò.


Mia dometɔ akpe ɖeka asi le ame ɖeka kolia ƒe bublu nu, eye mi katã miasi le ame atɔ ƒe bublu nu, vaseɖe esime miasusɔ abe aflagati le to ta me kple aflaga le togbɛ dzi ene.


Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la, se Rabsake ƒe nya, siwo eƒe aƒetɔ Asur-fia de esi ɖo ɖa, be wòatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui, eye Yehowa, wò Mawu la, ahe to nɛ le nya, si wose la ta; eyata do gbe ɖa ɖe ame mamlea, siwo li la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite