Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yesaya 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Miaƒe anyigba zu gbegbe; dzo fiã miaƒe duwo, eye du bubu me tɔwo ɖu miaƒe agble le mia ŋku me, eye wòzu gbegbe, abe alesi wogblẽ Sodom ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Miaƒe anyigba zu gbegbe, wotɔ dzo miaƒe duwo le miawo ŋutɔ ƒe ŋkume, du bubu me tɔwo va ha miaƒe agblemenukuwo, eye wogblẽ miaƒe anyigba abe ale si amedzrowo wɔna ene.

Gade chapit la Kopi




Yesaya 1:7
37 Referans Kwoze  

Míaƒe domenyinu ge ɖe amedzrowo si me, eye míaƒe aƒewo ge ɖe ɖu bubu me tɔwo si me.


Amedzro, si le dowòme la ŋkɔ ade dzi, ke wò la àyi to gbidigbidi.


Dukɔ, si menya o la, aɖu wò agblemenuwo kple nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, wòase ŋuta le ŋuwò ɣesiaɣi, eye woate wò ɖe anyi.


Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, ke medze sii o; eƒe ta ƒo wɔ, ke menyae o.


Mana tɔsisiwo naƒu kplakplakpla; matsɔ anyigba la adzra na ame vɔ̃ɖiwo, eye mana ame tutɔwo nagblẽ anyigba la kple edzi nuwo. Nye Yehowa ye ƒo nu!


Tete Yehowa, eƒe Mawu la, tsɔe de asi na Aram-fia, eye wosii, eye woɖe aboyo eƒe ame geɖewo hekplɔ yi Damasko. Wotsɔe de asi na Israel-fia hã, amesi sii vevie ŋuta.


Elabena yae woƒã, eye ahom woaxa, vvoƒe nukuwo mamie o; ahɔ̃liti matse ku o, ne eme hã la, ame tutɔwo aɖui.


Yerusalem, na woaka mo na wò, ne nye luʋɔ magadzo le gbɔwò, eye matso wò awɔ gbegbe kple anyigba zu aƒedoe o.


Dzatawo xlɔ̃ ɖe eŋu, eye woɖe gbe; wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe, wogbã eƒe du wòzu aƒedo.


Eƒe toʋuwo atrɔ zu aŋe, eƒe kewɔ azu aŋɔ, eye eƒe anyigba azu age bidzo,


Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mava, ŋutifafafia,


Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe,


Alẽviwo aɖu gbe le afima, abe woawo ŋutɔ ƒe gbeɖuƒee wònye ene, eye lã tutɔwo aɖu nu le amidalawo ƒe aƒedowo me.


Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam bena: Ne xɔ gbogboawo matrɔ zu gbegbe, eye xɔ gã nyuiawo mazu xɔdowo o fĩ!


Wozu ʋee, eye dzɔgbevɔ̃e kple nuxaxa ƒe agba te wo ɖe anyi.


anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Ekema anyigba la akpo gbɔdzɔe: le ɣeyiɣi, siwo katã me wònye gbegbe; ne miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, anyigba la ŋu avo, eye wòagbã ɖe me.


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


eye dukɔwo katã agble bena: Nukaŋuti Yehowa wo anyigba sia alea, eye dɔmedzoe gã ka ƒomevi enye si?


Fetɔ nehe eƒe nuwo katã ɖe akɔme, eye ame tutɔwo neha nusiwo wòwɔ ɖɔ kpɔ la!


Eye Zion-nyɔnuvi tsi anyi abe agbadɔ le weingble me, abe miaƒe le adzamatregble me kple du, si woɖe to ɖo la ene.


Elabena Yerusalem amũ, eye Yuda adze anyi, le esi woƒe aɖewo kple woƒe nuwɔwɔwo tso ɖe Yehowa ŋu, ne woaɖo dziku na eƒe kɔkɔenyenye ƒe ŋkuwo ta.


Yehowa Zebaot ƒe dziku na dzo ƒo anyigba, eye dukɔ la le abe dzo ƒe nuɖuɖu ene; amea ɖeke mekpɔ nɔvia ta o.


Azɔ wò aƒedo, wò gbegbe kple wò anyigba, si wogblẽ la, axaxa ŋuta na edzinɔlawo, eye gblẽwòlawo anɔ adzɔgedzɔgee na wò.


Esi wogblɔ wò ɖi, wogbe wò nya, eye amea ɖeke meto ŋuwò yi o ta la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃e tegbee kple dzidzɔ na ƒomeawo katã.


Yehowa ta eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ sesẽ. Nyemagatsɔ wò bli na wò futɔwo woaɖu azɔ o, eye du bubu me tɔwo magano wò wein, si ŋu neku kutri ɖo la, azɔ o,


Dzo fiã míaƒe aƒe kɔkɔe nyo, si me mia fofowo kafu wò le, eye míaƒe nu veviwo katã gblẽ.


Dzata do tso avegoe me, dukɔwo gblẽla tso, eye woho tso enɔƒe, be woatso wò anyigba awɔ gbegbee, eye wòagblẽ wò duwo woazu aƒedo.


Eye mana aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu natso le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo; elabena anyigba la azu gbegbe.


Eyata nye dziku trɔ ƒo ɖe anyi, eye nye dɔmedzoe fiã Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo, ale be wòzu aƒedo kple gbegbe, abe alesi wòle egbe siawo ene.


eyata kpɔ ɖa, matsɔ wò ana ɣedzeƒeviwo nanye wo tɔ, ne woatu woƒe agbadɔ ɖe gbɔwò, eye woatso aƒe ɖe gbɔwò, woaɖu wò kutsetsewo, eye woano wò notsi.


Matsrɔ̃ dzokawo le asiwò, eye gbesalawo maganɔ asiwò azɔ o.


Eyata nye hã maƒo wò vevie, eye magblẽ dowòme le wò nuvɔ̃wo la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite