Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Yehowa be: Alakpadada le dowòme, eye wogbe sidzedzem le alakpadada ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Xɔlɔ̃ blea xɔlɔ̃ eye ame aɖeke metoa nyateƒe o. Wofia aʋatsokaka woƒe aɖewo eye woɖea fu na wo ɖokuiwo vevie kple nu vɔ̃ wɔwɔ.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 9:5
32 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, ɖe menye Yehowa Zebaot gbɔ wòtso be, dukɔwo nadze agbagba bena dzo, eye anyigba dzi dukɔwo naku kutri yakatsyɔ oa?


Elabena woƒe kesinɔtɔwo yɔ fũ kple ŋulasesẽ, duametɔwo ka aʋatso, eye alakpaɖe le nu me na wo.


Ne wò ma didi la te ɖeɖi ŋuwò hã la, mègblɔna be, yeadzudzɔ o; agbe gale ŋuwò, eyata nu mete ŋuwò o.


Elabena wò vodada le nu fiam wò nu, eye nètia ayetɔwo ƒe aɖe.


to aʋatsonufialawo ƒe alakpadada me, amesiwo wotsɔ ga xɔdzo ɖe dzesi wo le woa ŋutɔwo ƒe dzitsinya me,


Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


Nye dukɔ, nukae mewɔ wò, eye fu kae meɖe na wò ma? Ɖo ŋu nam!


Woku kutri, ke eƒe ɣebia gbogboawo gbe dodo le eŋu.


Yehowa be: Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa, eye ɖe nye luʋɔ mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe oa?


Amesiame nekpɔ eɖokui dzi nyuie le ehavi ŋu, eye megaɖo ŋu ɖe nɔvia ɖeke ŋu o; elabena nɔvi sia nɔvi enye ayetɔ, eye xɔlɔ̃ sia xɔlɔ̃ enye ame gɔmezɔla.


Baba na amesiwo tsɔa alakpaka dea vodada nɔa hehem, eye wotsɔa tasiaɖamka hea nuvɔ̃e!


Elabena woawo la, ne womewó vɔ o kpea, wometea ŋu ɖɔa alo o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo.


Amesiwo le nu vɔ̃ɖi susum ɖe dzi me, eye wole aʋawɔwɔ dim gbesiagbe;


Ɣlam tso eme vɔ̃ɖiwo ƒe takpekpe kple ame vlowo ƒe howɔwɔ me!


Eɖe ga wò nu ɖe nu vɔ̃ɖi ŋu, eye wò aɖe ɖa alakpa.


Edzidzenɛ kple lãnuwo, eye wòdraa dzo eƒe aŋutrɔwo.


Wò nyawɔwɔ de ga nu na amewo, ale be nèle fewu ɖum, eye amea ɖeke mede ŋukpe mo na wò o;


Eye wotsɔ ŋkuagbã ƒo ŋutsu, siwo le xexe le ʋɔtrua nu, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ale bena ɖeɖi koe te wo ŋu dzodzro le ʋɔtrua nu didi me.


Kalẽtɔ, nukaŋuti nètsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le adegbe ƒomi? Mawu ƒe amenuveve li tegbee.


Eyata gblɔ na wo be: Esia nye dukɔ, si mesea Yehowa, eƒe Mawu ƒe gbe o, eye meɖoa to amehehe o. Nyateƒetoto nu yi, eye wotsrɔ̃ ɖa le woƒe nu me.


Elabena nɔviwòwo kple tofowò ƒemetɔwo hã trɔ le yowòme, woawo hã le ɣli dom ɖe yowòme sesĩe, megaɖo dzi ɖewo ŋu o, nenye be, wole nya ŋɔŋɔe gblɔm na wò hã.


Woƒã lu, ke ŋu woaxa, woku kutri, ke viɖe manɔ eme na wo o; ale ŋu akpe mi ɖe miaƒe agblemenuwo ŋu le Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la ta.


Ne ame yibɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ, eye lãkle atrɔ eƒe agbalẽ ŋɔtaŋɔta la, ekema mi, amesiwo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mã la hã, miate ŋu awɔ nu nyui.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woagbã Babel ƒe gli kekeawo vaseɖe agunu ke, eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔwo, ale be wòanye ɖeko dukɔwo wɔ dɔ ɖe ya me, eye anyigbadzitɔwo ku kutri hena dze.


agblɔ bena: Ale dzɔgbevɔ̃e, si mahe va wo dzi la, anyrɔ Babel ɖe toe, magaɖo ɖe dzi akpɔ o, eye enu ayi. Yeremya ƒe nyawo seƒe enye si.


Ɖe menye fofo eɖekae li na mi katã oa, eye ɖe menye Mawu fɖekae me mi oa? Nukaŋuti mia dome amesiame awɔ nu tovo ɖe ehavi ŋu, ne míagblẽ kɔ ɖo na mia fofowo ƒe nubabla la?


Esi dzidzime mawo katã yi wo tɔgbuiwo gbɔ vɔ la, dzidzime bubu va dzɔ le wo megbe, amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o.


Ame dzɔdzɔewo ƒe tamesusuwo le eteƒe; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudedewo nye alakpa.


Elabena nye dukɔ dzɔ lã, womedze sim o; vi tsibomewo wonye, eye Womenya nu o; nunyalawo wonye le vɔ̃ɖiwɔwɔ me, ke nyuiwɔwɔ la, womedzea si eya o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite