Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 9:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Oo, ɖe wònye dzeƒee le asinye le gbegbe la, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi, eye míaʋu tso wo gbɔ! Elabena ahasiwɔla kple ame tovowo ƒe ha wo katã wonye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo la, mafa avi zã kple keli na nye dukɔ ƒe ame siwo wowu.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 9:1
20 Referans Kwoze  

Ke ne miegbe toɖoɖo la, ekema nye luʋɔ afa avi le adza me le dàda la ŋuti, eye nye ŋkuwo afa aɖatsi yoyoyo, le esi wokplɔ Yehowa ƒe lãhawo dzoe ta.


Eyata mebe: Miɖe ko ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo ɖu ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o.


Nye ŋkuwo la aɖatsi wòti kɔ na wo, nye dɔkaviwo ʋu dzo hẽ, eye nye aklã wó ɖe dɔ me nam le nye dukɔ ƒe nyɔnu ƒe anyidzedze la, esime nu te ɖeviwo kple vidziewo ŋu le ɖua ƒe kpɔdomeewo.


Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ta akpanya, eye na ƒo togotogoe le dzowɔ me; xa nu le tenuvi la ŋu, eye nata konyi vevie; elabena nugblẽla le ƒoƒo ge ɖe mía dzi kpoyi.


Eye wò la gblɔ nya sia na wo bena: Nye ŋku le aɖatsi fam zã kple keli, eye madzudzɔ o, elabena wogbã nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ɖetugbi, wote eŋu, eye wòxɔ abi vevie!


Eyata mala avi, abe alesi Yaezer le avi fam ɖe Sibma ƒe weinka ŋu ene, Xesbon kple Eleale, mafa nye adatsi ɖe mía dzi, le esi aʋaɣli dze miaƒe kutsetsegbeɣi kple nuŋeɣi me la ŋuti.


Nye ŋkuwo le tsi kplɔm yoo abe tɔʋu ene, le esi womelé ŋku de wò sea ŋu o ta.


Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu; gbekagbe made ahado ɖe Mawu ŋku me?


Nye dɔkaviwo, nye dɔkaviwo! Mele togotogoe ƒom le vevesese ta, nye dzixɔ, nye dzi dze agbo le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena nye luʋɔ le kpẽwo ƒe ɖiɖi kple aʋaɣli sem!


Oo, nukae ana nye dzeme nato le nye nuxaxa me! Nu te nye dzi ŋu le menye!


Elabena wose konyifagbe tso Zion be: Aleke wotsrɔ̃ mí, eye ŋu kpe mí vevie ale? Elabena èle na mí be, míadzo le anyigba dzi, eye wogbã mía nɔƒewo ƒu anyi.


Mebe: Ao, ɖe wonye aʋalae le asinye abe ahɔ̃ne ene la, anye ne madzo aɖatsi afia ɖe!


Ke to esiawo katã gbɔ hã nɔvianyɔnu Yuda dzego la metrɔ ɖe ŋunye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu, Yehowa ye gblɔe!


Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me.


Woxɔa zãnu le mewo, ne wòakɔ ʋu ɖi, eɖia kasa, eye nexɔa deme, ẽɖua sesẽnu le nɔviwò si, eye wò ŋku dzona le dzinye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ahasitɔwowo katã wonye, wole abe kpo, si me aboloƒola do dzo ɖo ene; ne eblu amɔwɔ la, edzadzɔa dzoa tutu ɖo, vaseɖe esime wòaʋã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite