Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Aleke miate ŋu ano gbɔgblɔm be, nunyalawo yewonye, eye Yehowa ƒe se la le yewo si me? Kpɔ ɖa, vavãe agbalẽnyalawo ƒe nuŋlɔnu trae wo aʋatsoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 “ ‘Aleke wɔ miate ŋu agblɔ be, “Míenye nunyalawo, elabena Yehowa ƒe se la le mía si,” evɔ le nyateƒe me, agbalẽfialawo ƒe nuŋlɔti trɔe wòzu aʋatso’ o?

Gade chapit la Kopi




Yeremia 8:8
18 Referans Kwoze  

Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe míenye ŋkuagbãtɔwo la, ne nuvɔ̃ mele mia ŋu o; ke azɔ la miele gbɔgblɔm bena: Miele nu kpɔm; eyata miaƒe nuvɔ̃ la tsi anyi.


Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo,


Eye miegabua Mawu ƒe se la o le miaƒe koa ŋuti.


Eɖe eƒe nya fia Yakob, eƒe ɖoɖowo kple kɔnuwo fia Israel.


Exɔa nuƒoƒo nyui le nuƒolawio si, eye wòɖea nunya le tagbɔ na amegã ɖeɖiwo.


Ne meŋlɔ nye se akpe nane nɛ hã la, ebunɛ abe ame tutɔ tɔe wonye ene.


Amegã ɖeɖi ƒe fiakuku enye viawo ƒe viwo, eye viwo ƒe atsyɔ̃ enye wo fofowo.


Ale gegeme hã adze nunya, eye woadzi gbetedzivi wòazu ame.


Elabena nye dukɔ dzɔ lã, womedze sim o; vi tsibomewo wonye, eye Womenya nu o; nunyalawo wonye le vɔ̃ɖiwɔwɔ me, ke nyuiwɔwɔ la, womedzea si eya o.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe adaŋudede me le teƒe sia, eye mana woatsi woƒe futɔwo ƒe yi nu kple amesiwo le woƒe ku dim la si me, eye matso woƒe kukuawo ana dziƒoxewo kple gbemelãwo woaɖu.


Fofowò gbãtɔ wɔ nuvɔ̃, eye amesiwo nɔ nuwò la, to vo ɖe ŋunye.


Nunɔlawo megblɔ be. Afika Yehowa le hã o. Amesiwo si me se la le la, menyam o, eye lãkplɔviwo dze aglã ɖe ŋunye, nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me, eye wodze nusiwo mele ɖeke me o la yome.


Aleke mianɔ gbɔgblɔm be: Kalẽtɔwo míenye, eye ŋutsu aʋamewo míenye?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite