Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Migaɖo dzi ɖe akpanya, si wole gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔe nye esia la ŋu o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Migaxɔ beblenyawo dzi se ahanɔ gbɔgblɔm be, “Esiae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ o!”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 7:4
16 Referans Kwoze  

Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔ-lawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖl le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mia dome oa? Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mele mia, dzi va ge o.


Ɣemaɣi la ŋu magakpe wò le wò nuwɔna, siwo katã nètsɔ to vo ɖe ŋunye la ŋu o; elabena maɖe amesiwo nɔa aseye tsom nɔa ɖa-dam la ɖa le dowòme, eye màgado ɖokuiwò ɖe dzi le nye to kɔkɔe la dzi azɔ o.


Mieɖo gum le nye dukɔ la ŋku me le lu asiʋlo ɖeka kple abolo alɔgomedede ɖeka ta, be miawu luʋɔ, siwo medze ku o, eye miaxɔ luʋɔ, siwo dze ku la, ɖe agbe, esime mieka aʋatso na nye dukɔ, si lɔ̃a aʋatsonya sese la.


Ɖo ame ɖa, ne woagblɔ na aboyomeawo katã bena: Ale Yehowa gblɔ ɖe Semaya, Nexelamitɔ ŋu enye si: Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ wònye nyemedɔe o hafi, eye wòna miele dzi ɖom ɖe alakpanya ŋu la,


Azɔ mitse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ, eye migade asi gbɔgblɔ me le mia ɖokui me bena: Abraham ye nye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me ke na Abraham.


Tete nyagblɔɖila Yeremya gblɔ na nyagblɔɖila Xananya bena: Xananya, see: Menye Yehowa ye do wò o, hafi nèle nanam be, dukɔ sia nanɔ dzi ɖom ɖe alakpaka ŋu.


Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi.


elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, be wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo, eye wogblɔ alakpanya, si nyemede wo si o la, le nye ŋkɔ me. Menyae, eye menye ɖasefo, Yehowa ye gblɔe!


ekema matsrɔ̃ Israel ɖa le anyigba, si mena wo la dzi, eye mate xɔ sia, si ŋu mekɔ hena nye ŋkɔ la ɖa le ŋkunye me, eye Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.


Elabena woyɔa du kɔkɔe la ɖe wo ɖokui ŋu, eye woɖoa dzi ɖe Israel ƒe Mawu, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la ŋu.


Amea ɖeke meli, si biaa dzɔdzɔenyenye ta sena o, eye ame ɖeke medrɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe o, woɖoa ŋu ɖe nu dzodzroa ŋu, eye wodaa alakpa, wofɔa hiãkame ƒe fu hetsɔa dzɔgbevɔ̃e dzina.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


eyata mawɔ aƒe, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo, esi ŋu miele dzi ɖom ɖo, kple teƒe, si metsɔ na mia kple mia fofowo la, abe alesi mewɔ Silo ene,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite