Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 48:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Moab ƒe adegbeƒoƒo nu tso, wodo tame vɔ̃ ɖe eŋu le Xesbon be: Mina míatsrɔ̃e, ne womaganye dukɔ azɔ o! Woatsrɔ̃ wò Madmen hã, eye yi anɔ yowóme.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Womagakafu Moab azɔ o, ŋutsu siwo le Hesbon la ɖo ta me vɔ̃ ɖe eŋu be, ‘Miva, mina míatsrɔ̃ dukɔ ma.’ O, Madmen, woatsrɔ̃ wò hã eye yi ati yowòme.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 48:2
20 Referans Kwoze  

Ne ɖoɖo siawo te ɖa le ŋkunye me la, ekema Israel-ƒome la hã nu atsi, maganye dukɔ le ŋkunye me akpɔ gbeɖe o. Yehowa ye gblɔe.


Azɔ ta Yehowa gblɔ be: Le ƒe etɔ̃ me tu-tutu abe agbatedɔwɔla ƒe ƒe ene la, maɖi gbɔ Moab ƒe ŋusẽ hekpe ɖe eƒe ameha gbogboawo ŋu, eye susɔea anɔ ʋee, manɔ nemi me hã o.


Eye Ruben-viwo tso Xesbon, Eleale kple Kiryatayim,


Xesbon, fa avi, elabena wogblẽ Ai! Mi Raba-nyɔnuviwo mido ɣli, eye mita akpanya ɖe ali, mixa nu, eye mina tsa glãla tsam le lãkpɔwo me, elabena Malkam ayi aboyo me hekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple amegãwo ŋu.


Amesisiawo tsra wɔɔ ɖe vɔvɔli te le Xesbon; elabena dzo tso Xesbon, eye dzoƒaɖe tso Sixon, efiã Moab ƒe tonuƒui kple ʋunyaʋunyaviwo ƒe dzodzome.


Wotsrɔ̃ Moab, eye meganye dukɔ azɔ o, elabena etɔ asi akɔ ɖe Yehowa ŋu.


Mi eƒe aƒelikawo katã kple amesiwo katã nya eƒe ŋkɔ la, mifa nɛ! Migblɔ be: Aleke ati tɔɖeŋu sesẽ la, atikplɔ nyo la ŋe?


Yehowa be: Wò, nye dɔla Yakob, megavɔ̃ o; elabena meli kpli wò, eye matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome menyã wò ɖo ɖo la gbidigbidi; ke wò la, nyematsrɔ̃ wò keŋ o; nyemagbe tohehe na wò o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo la nu.


Mèdze si nya, si gblɔm dukɔ sia le bena: „Yehowa gbe ƒome eve, si wòda“ la oa? Ale wole alɔme ɖem le nye dukɔ ŋu, eye megaɖi dukɔ le wo ŋku me o.


Tete mexɔ kplu la le Yehowa si, eye mekpee na dukɔ, siwo katã gbɔ Yehowa ɖom ɖo;


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ nam enye si: Xɔ dɔmedzoe ƒe weinkplu sia le asinye, eye natsɔe na dukɔ, siwo katã gbɔ maɖo wò ɖo la, woano.


Elabena Yehowa ƒe asi aɖiɖi ɖe to sia dzi, eye wòafanya Moab ɖe enɔƒe, abe alesi wofanyaa gbe ɖe agboti me ene;


Nye dzi le nu xam ɖe Moab ŋu, eya, si ƒe amewo si de Zoar kple Eglat etɔ̃lia ke; elabena wole avi fam le Luxit-to dzi mɔ la dzi; elabena konyifaɣli le ɖiɖim le wo ŋu le Xoronayim-mɔta.


Nya ɖe Moab ŋu. Vavãe, woaha Ar-Moab le zã, eye woatsrɔe! Vavãe, woaha Kir-Moab le zã, eye woatsrɔe!


Mana dzi naɖe le Elam ƒo le eƒe futɔwo kple eƒe kudilawo nu, mahe dzɔgbevɔ̃e, nye dɔmedzoe heliheli, ava wo dzi, eye maɖo yi ɖe wo yome, vaseɖe esime woatsrɔ̃ avɔ, Yehowa ye gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite