Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 4:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Yehowa be: Ava me le ɣemaɣi be, dzi aɖe le fia kple amegãwo ƒo, nunɔlawo alulu, eye nyagblɔɖilawo ƒe mo awɔ yaa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Yehowa be, “Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia la kple eƒe dumegãwo ƒo, ŋɔdzi alé Nunɔlawo eye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te.”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 4:9
20 Referans Kwoze  

„Mikpɔ ɖa, mi vlodolawo, eye miaƒe mo nawɔ yaa, eye mitsrɔ̃, elabena nye la mele ɖaa ɖe wɔm le miaƒe ŋkekeawo me, dɔ, si ne amea ɖe axlẽe afia mi la, miele exɔ ge ase o.“


Woŋɔ mɔ ɖe dua ŋu, eye aʋawɔlawo ka tã si to fia ƒe abɔ me mɔ, to agbo, si le gli ŋukplaba eve dome la nu hegblẽ du la ɖi le zã me, eye wòto gbegbemɔ; ke Kaldeatɔwo le glia ŋu godoo.


Eye afika miaƒe nyagblɔɖila, siwo gblɔ nya ɖi na mi bena, Babel-fia mava ƒo ɖe mia kple anyigba sia dzi o la le?


Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?


Ɣemaɣi la Egiptetɔwo anɔ abe nyɔnuwo ene, ŋɔ adzi wo, eye woadzo nyanyanya le Yehowa Zebaot ƒe asi, si wònyẽ ɖe wo ŋu la ŋuti.


Maɖe gbɔgbɔ le Egipte me keŋkeŋ, eye magblẽ eƒe tameɖoɖo me, eye woabia nu legbawo, dzotɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo.


Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe adzudzɔ ene, eye nye ƒuwo biã hẽ abe dzo ene.


woɖe mɔ ɖe du la ŋu, eye aʋawɔlawo katã si le zã me to fia ƒe abɔ ƒe agbo, si le gli eve dome la ƒe mɔ dzi, esime Kaldeatɔwo ƒo xlã dua, eye woto tagbamɔ.


Wòxɔ duwo, eye wòxɔ mɔ̃ sesẽwo. Moab-kalẽtɔwo ƒe dzi le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.


Ne eva le yiyim la, eƒe asi axe mi kã, elabena ava yi ŋdi sia ŋdi, le ŋkeke kple zã me, eye ŋɔdzi ɖeɖe sɔŋ aɖe nya gome na mi.


Alesi ne asi lu fiafi ŋu kpenɛ la, nenema ŋu akpe Israel ƒe aƒe la hekpe ɖe woƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ŋu,


Mifa avi, mi lãkplɔviwo, mido aƒa, eye miƒo togotogoe, mi lãha ƒe bubumewo, elabena miaƒe azã de, ne woawu mi, eye makaka mi ahlẽ, ne mianɔ abe agba xɔasi, si ge dze anyi ene!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite