Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Dzata do tso avegoe me, dukɔwo gblẽla tso, eye woho tso enɔƒe, be woatso wò anyigba awɔ gbegbee, eye wòagblẽ wò duwo woazu aƒedo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 “Dzata aɖe do tso eƒe do me, dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ. Etso le enɔƒe be wòava wɔ miaƒe anyigba wòazu gbegbe, ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo eye amewo manɔ wo me o.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 4:7
33 Referans Kwoze  

Eyata dzata ado tso ave me agbã wo, amegãxi, si le gbegbe, atsrɔ̃ wo, lãkle ade xa ɖe woƒe duwo ŋu, eye wòavuvu amesiame, si do tso wo me. Elabena woƒe vodadawo sɔ gbɔ, eye woƒe godzedzewo do agbogbo.


Dzatawo xlɔ̃ ɖe eŋu, eye woɖe gbe; wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe, wogbã eƒe du wòzu aƒedo.


Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe,


Miaƒe anyigba zu gbegbe; dzo fiã miaƒe duwo, eye du bubu me tɔwo ɖu miaƒe agble le mia ŋku me, eye wòzu gbegbe, abe alesi wogblẽ Sodom ene.


Gbãtɔ ɖi dzata, eye wòto aʋala abe hɔ̃ ene; meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotu aʋala te eŋu, eye wokɔe dzi tso anyigba hetsɔe ɖo afɔ dzi abe amegbetɔ ene, eye wona ame ƒe dzii.


Israel la, alẽ, si wonyã de gbe, eye dzatawo yɔ ɖe nu la wònye; gbã la Asur-fia ɖui, emegbe Babel-fia Nebukadnezar kuko eƒe ƒuwo.


eyata, kpɔ ɖa, makplɔ anyiehe ƒomeawo katã kple nye dɔla Babel-fia Nebukaɖnezar vɛ, eye mana woava ƒo ɖe anyigba sia kple edzinɔlawo kple dukɔ sia katã dzi godoo, matsrɔ̃ wo gbidigbidi, eye matsɔ wo awɔ bibi, alɔmeɖenu kple aƒedoe tegbee; Yehowa ye gblɔe!


Kpɔ ɖa, ado tso Yordan ƒe aƒlawo me abe dzata ene ahayi lãnyiƒe, si de ama ɖaa la; elabena manyãe ɖa le eŋu le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amesi metia la, eya matsɔ aɖo enu. Elabena ameka de nunye, ameka akplɔm ayi ʋɔnui, eye ameka nye lãkplɔvi anɔ te ɖe nunye?


Yehowa be: Kpɔ ɖa, made se woatrɔ agbɔ va du sia ŋu, ne woawɔ aʋa kplii axɔe, ata dzoe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo.


Ale Yehowa gblɔ esi: Teƒe sia, si ŋu miele gbɔgblɔm le be, ezu aƒedo, amegbetɔwo kple lãwo megali o, Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo tsi ƒuƒlu, eye amegbetɔwo kple lãwo megali o la,


Nukaŋuti nègblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me be, aƒe sia ano abe Silo ene, eye du sia agba azu aƒedo? Tete dukɔ blibo la ƒo takpli de Yeremya ŋu le Yehowa ƒe me.


Egblẽ eƒe avegoe ɖi abe dzata ene; elabena woƒe anyigba zu gbegbe le yi gblẽnu kple eƒe dɔmedzoe heliheli nu.


Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam bena: Ne xɔ gbogboawo matrɔ zu gbegbe, eye xɔ gã nyuiawo mazu xɔdowo o fĩ!


Eŋɔli Babel-fia Nebukadnezar ho va, eye Yoyakim zu etevi ƒe etɔ̃; tete wòdze aglã de eŋu.


Vɔvɔ̃ do dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, eye wodzo nyanyanya le ŋusẽ, si wonae la ta; ne elɔ̃ la, ewua ame, ne elɔ̃ la, exɔa ame ɖe agbe; ne elɔ̃ la, edoa ame ɖe dzi, eye ne elɔ̃ la, ebɔbɔa ame de anyi.


Kpɔ ɖa, ado tso Yordan ƒe aƒlawo me abe dzata ene ayi ɖe lãnyiƒe, si de ama ɖaa la; elabena manyãe ɖa le eŋu le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amesi metia la, eya matsɔ ado enu. Elabena amekae so kplim, amekae akplɔm ayi ʋɔnui, eye amekae nye lãkplɔvi, si anɔ te ɖe nunye?


Eye ne dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe be, yemasubɔ Babel-fia Nebukadnezar o, eye yemade kɔ Babel-fia ƒe kɔkuti me o la, matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe to na dukɔ ma, vaseɖe esime mato eƒe asi dzi atsrɔ̃e keŋkeŋ, Yehowa ye gblɔe.


Amesi nye ŋutsu nyanu la, nèse esia gɔme, eye amesi Yehowa ƒe nu toa nya na la, eya negblɔ nusi ta wotsrɔ̃ anyigba la, eye wogblẽe wòzu gbegbe, ale be amea ɖeke megatoa edzi yina o la ɖo.


Eye wòva me le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekelia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be, Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la ho ɖe Yerusalem ŋu, woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.


Du blibo la si le sɔdolawo kple aŋutrɔdalawo ƒe howɔwɔ nu, woyi ave dodowo me, eye wolia agakpewo; wogblẽ du blibo la ɖi amea ɖeke megale eme o.


Eye maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, eye wo dometɔ ɖesiaɖe atsɔ eƒe lãnu alã Libanon ƒe sederti nyuitɔwo ahatsɔ de dzo me.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Miekpɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã mehe va Yerusalem kple Yuda-duwo katã dzi, eye kpɔ ɖa, wòzu aƒedowo egbe siawo, eye amea ɖeke mele wo me o,


Du, siwo me ame le la, azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Woaɖe tablanu da, eye woade fiakuku ɖi. Maganɔ alea o, ke boŋ woado ame tsɛ ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegã ɖe anyi.


Amevi, to konyifaha ɖe Egipte-fia Farao ŋu nagblɔ nɛ bena: Wò amesi nye dzata le dukɔwo dome la, nuwò yi! Lo nènye nɔ tɔ me, ètu tsi to ŋɔti me, ètsɔ wò afɔ blu tɔe, eye nènyã avuzi le tɔsisi me.


Magbã miaƒe duwo woazu glikpo, eye mana miaƒe teƒe kɔkɔewo nazu aƒedo, eye miaƒe numemewo magaʋẽ ɖem lilili o.


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Wose eƒe sɔwo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe tso Dan, eye eƒe sɔtsuwo ƒe xɔxlɔ̃ ƒe ɖiɖi na anyigba blibo la ʋuʋu; wogbɔna, ne woaɖu anyigba kple edzi nuwo, du la kple eme nɔlawo.


Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia ƒe aƒe ŋu enye si: Gilead kple Libanon-ta me nènye nam, ke mawɔ wò nazu gbegbe kple du ɖiaƒedo.


Ale fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ava abe alesi Tabor le towo dome, eye Karmel le atsiaƒu nu ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite