Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku magalé dzo ge abe dzo ene, ahabi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta, eye amea ɖeke mate ŋu atsii o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo, mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa. Mitso aʋa na miaƒe dziwo, ne menye nenema o la, nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 4:4
36 Referans Kwoze  

Eyata mitso aʋa na miaƒe dziwo, eye migalia ʋume azɔ o.


amesi me wotso aʋa na mi le hã kple aʋatsotso, si menye asi wotsɔ tsoe o, to ŋutilã ƒe ame blibo la ƒe ɖeɖeɖa me le Kristo ƒe aʋatsotso me,


Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


Dawid ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ŋdi sia ŋdi, eye mixɔ amesiwo woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me, ne nye dziku magalé abe dzo ene, eye wòabi woade tsitsi ge ado kpoe le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ta o!


Midi Yehowa, be mianɔ agbe, ne magadze Yosef ƒe aƒe la dzi, abe dzo ene ahafiãe, eye dzotsilaa ɖeke manɔ anyi na Betel o;


hafi ne tameɖoɖo la ƒe vidziɣi naɖo, eye ɣeyiɣi la nu nayi, abe alesi gbe ƒuƒu ʋua yae ene, hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi!


Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ne nyematsɔ asi sesẽ kple alɔ, si le dzi, kpakple dziku, si wotrɔ ƒo ɖe anyi la, aɖu fia ɖe mia dzi o fi!


Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.


Yehowa wu eƒe dziku nu, eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe ƒo ɖe anyi, eɖo dzo ɖe Zion, eye wòfiã eƒe agunusɔtiwo.


Meka eƒe ʋu dze agakpe ƒeƒle dzi, be nu magatsyɔ ɖee o, ne mahe dziku ava edzi, eye mabia hlɔ̃.


Madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe gbolowo kple nyɔnu hlɔ̃dolawo ƒe se nu, eye mahe dziku kple ŋuʋaʋã ƒe ʋu ava dziwò.


Eyata nye hã mawo nu le dziku me, nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nyemakpɔ wo ta o; eye me wodo ɣli ɖe to me nam sesĩe hã la, nyemasee na wo o.


Amesi le didiƒe la, dɔvɔ̃ awui, amesi le kpuiƒe la, atsi yi nu, eye amesi kpɔtɔ ɖi woɖe lã, aku ɖe dɔwuame si me, eye matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi.


Amea ɖe menya nu o woatsɔ kokoƒoƒo abɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, elabena dɔmedzoe kple dziku, si ŋu Yehowa ƒo nu le na dukɔ sia la teƒe mekɔ o.


Kpɔ da, Yehowa ƒe ahom kple eƒe dziku tso, eye yali abla ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.


matso alɔ, si le dzi, kple abɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dɔmedzoe, dziku kple nyanyrã gã me;


Fɔ, fɔ, Yerusalem, tso, wò, si no dɔmedzoekplu tso Yehowa si me, èno kplu muame la kpɔ egɔme ƒiaƒiaƒia.


ekema nye hã mado dɔmedzoe atsi tre ɖe mia ŋu, eye mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Amevi, do ɣli, eye nafa avi, elabena egbɔna ɖe nye dukɔ dzi, egbɔna de Israel ƒe amegãwo katã dzi; woawo kple nye dukɔ siaa la, yi lɔ wonye; eyata ƒo aklito!


Miɖe miaƒe dzi, siwo katã mieda ɖe ŋunye la ɖa, eye miwɔ dzi yeye kple gbɔgbɔ yeye na mia ɖokui. Israel ƒe aƒe, nukaŋuti miehe, yewoaku?


Elabena nye ŋɔti me lé dzo, eye wòle bibi ge aɖe tsiẽƒe ke, afiã anyigba kple nusiwo wɔna le edzi, eye wòafiã towo ƒe gɔmegɔmea.


Elabena ne èwɔ sea dzi la, aʋatsotso enye viɖe; hafi nenye seadzidala nènye la, ekema wò aʋatsotso zu aʋamatsomatso.


eye nye hã metsi tre ɖe wo ŋu hekplɔ wo va woƒe futɔwo ƒe anyigba dzii la, me la, ne woƒe dzi masenuwo bɔbɔ, eye wokpɔ woƒe vodadawo tɔnua la,


Israel ƒe kekeli azu dzo, eye eƒe kɔkɔetɔ la azu dzoƒaɖe ahabi eƒe aŋɔkawo kple ŋuwo le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòafiã wo;


Elabena wodzra dzotɔƒe ɖo ɖi xoxo, fiawo hãe wodzrae ɖo ɖi na, eye wògoglo hekeke; dzo kple nake li kpaŋkpaŋ hekpe ɖe eƒe nakekɔwo ŋu; Yehowa ƒe gbagba enye aŋɔtoʋu, si ato dzoe.


Na Egipte kple Yuda, na Edom kple Amon-viwo, na Moab kple akotsola, siwo katã le gbegbe. Elabena dukɔwo katã nye bolotɔwo, eye dzi matsomatso li na Israel ƒe aƒe blibo la.


Eye esi etsɔtsɔ ti Yehowa, le miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu, siwo miewɔ ta la, eyata miaƒe anyigba zu aƒedo, gbegbe kple ɖiŋudonu, eye ame vɔ le edzi, abe alesi wòle egbe siawo ene!


elabena miekplɔ amedzro, siwo nye bolotɔwo, eye wometso dziʋa hã na wo o la vɛ, be woanɔ nye kɔkɔeƒe la, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye aƒe la; eye mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu, le esime mietsɔ nye nuɖuɖu, ami kple ʋu sa vɔe,


elabena wogblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ na mawu tutɔwo, ne woatsɔ woƒe asinudɔwɔwɔwo katã ado dziku nam; eyata nye dɔmedzoe va nɔƒe sia dzi, eye enu matso o.


eye mana nasubɔ wò futɔwo le anyigba, si mènya o la dzi. Elabena dzo le bibim le nye dɔmedzoe me, miawo ŋue wòle bibim ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite