Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Mitoe na dukɔwo! Kpɔ ɖa, miɖe gbe ƒãe na Yerusalem be: Amesiwo ɖea to ɖe du la, tso didiƒenyigba dzi gbɔna, eye woana woƒe ɣli nade dzi ɖe Yuda-duwo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Migblɔ nya sia na dukɔwo, miɖe gbeƒãe na Yerusalem be, ‘Asrafo siwo ɖea to ɖe duwo la gbɔna tso adzɔgenyigba aɖe dzi; wole aʋaɣli dom ɖe Yuda ƒe duwo ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 4:16
18 Referans Kwoze  

Ekema nye hã maƒo asi kpoloe, eye nye dziku nu afa, nye Yehowa ye gblɔe.


Yehowa be: Israel ƒe aƒe, eyata makplɔ dukɔa ɖe tso didiƒe ava ƒo ɖe mia dzi, dukɔ sẽnu wònye, blema dukɔ wònye, dukɔ, si ƒe gbe mènya o, eye mèsea eƒe nuƒoƒo me hã o.


Tete nyagblɔɖila Yesaya va fia Xizkiya gbɔ gblɔ nɛ bena: Nya ka ŋutsu siawo gblɔ, eye afika wotso va gbɔwò? Xizkiya ɖo ŋu bena: Didiƒe wotso va gbɔnye, tso keke Babel ke.


Mido kpo le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒã, eye mido aflaga ɖe dzi! Miɖe gbe ƒã, migaɣlae o! Migblɔ be: Woxɔ Babel, ŋukpe lé Bel, eye wogbã Merodax ƒu anyi! Ŋukpe lé woƒe legbawo, eye wogbã woƒe mawuwo!


Eye woxɔ Yerusalem. Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la va Yerusalem heɖe to ɖee le Yuda-fia Zedekiya ƒe ƒe asiekelia me le dzinu ewolia dzi,


Mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, mitoe le ƒukpowo dzi le didiƒe gblɔ bena: Eya, amesi kaka Israel hlẽ la, agaƒo enu ƒu, eye wòanyii, abe alesi lãkplɔvi nyia lãhae ene.


Tsitsiawo kple ɖeviawo aku le anyigba sia dzi, womaɖi wo o, eye womafa na wo o, womasi blinui o, eye womalũ ta kokoe le wo ta o.


Eyata mi dukɔwo, misee, eye mi amehawo, midze si nusi le dzɔdzɔ ge le wo dome!


Eyata dzata ado tso ave me agbã wo, amegãxi, si le gbegbe, atsrɔ̃ wo, lãkle ade xa ɖe woƒe duwo ŋu, eye wòavuvu amesiame, si do tso wo me. Elabena woƒe vodadawo sɔ gbɔ, eye woƒe godzedzewo do agbogbo.


Woaƒo xlãe godoo abe agbledzɔviwo ene, le esi wodze aglã ɖe ŋunye la ta, Yehowa ye gblɔe.


Dzatawo xlɔ̃ ɖe eŋu, eye woɖe gbe; wowɔ eƒe anyigba wòzu gbegbe, wogbã eƒe du wòzu aƒedo.


Mite va, mi dukɔwo, ne miase nu, mi anyigba dzi dukɔwo, miƒu to anyi! Anyigba kple edzi nuwo, xexeame kple edzi numienuewo katã nesee!


Yehowa be: Kpɔ ɖa, mayɔ fiaɖuƒewo ƒe ƒomeawo katã tso anyiehe, ne wo dometɔ ɖesiaɖe nava ali zikpui anyi ɖe Yerusalem-gbowo nu, ɖe eƒe gliwo katã ŋu kple ɖe Yuda-duwo katã ŋu.


Kpɔ ɖa, nye dukɔ ƒe ɣlikpe ɖi tso didiƒenyigba dzi be: „Ɖe Yehowa megale Zion oa, eye ɖe eƒe fia megale eme oa?“ Nukaŋuti wotsɔ woƒe aklama kpakpɛwo kple du bubu me towo ƒe yakanuwo do dziku nam?


Anyigba, see! Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dukɔ sia dzi wòanye woƒe tamesusuwo ƒe kutsetse, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wodo vlo nye se la.


Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe tso anyiehe-nyigba dzi gbɔna, eye anyigba dzi dukɔ gãa ɖe nyo tso anyigba ƒe mlɔenu.


Da kple akplɔ le wo si; ŋutasẽlawo wonye, eye womekpɔa nublanui o; woƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ le abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene, wodo sɔwo, eye wobla akpa abe ŋutsu ene, be woawɔ aʋa kpli wò, Zion-nyɔnuvi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite