Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ɣemaɣi woagblɔ na nye dukɔ kple Yerusalem bena: Ya xɔdzo tso to ɖiƒeƒle ta me le gbe dzi gbɔna nye dukɔ ƒe nyɔnuvi gbɔ, menye be, woatsɔ agbo lui, alo woatsɔ ana nu me nadzae o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, “Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 4:11
28 Referans Kwoze  

Elabena ne enye ati tseku le naviawo dome hã la, ɣedzeƒeya aƒo, Yehowa ƒe ahom atu tso gbegbe, ale be eƒe vudowo amie, eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu, eye woaha eƒe kesinɔnu veviwo katã.


Kpɔ ɖa, wodoe, ke de wòadze edzia? Ne ɣedzeƒeya be ɖe eme la, ɖe maku oa? Kpo, si dzi wòmie do la dzie wòaku ɖo.


amesi si lugbɔnu le, be wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la ƒu alɔ ɖe eƒe ava me; ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.


amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.


Eyata woanɔ abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene, abe tsro, si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, kple dzudzɔ, si toa fesre nu ene.


wohoe ƒu anyi le dziku me, eye ɣedzeƒeya no tsi le eƒe tsetsewo me; woŋe eƒe alo gã la, eye wòƒu wotɔ dzoe.


Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi ƒe vodadawo só gbɔ wu Sodom, si wotrɔ bu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amea ɖeke mekpe asi ɖe eŋu o la ƒe nuvɔ̃wo.


Keke amegãxi ke hã nua no viawo wonona, ke nye dukɔ ƒe nyɔnuvi le ŋlɔmie wɔm abe golo le gbe dzi ene.


Nye ŋku le esi kplɔm yoyoyo le nye dukɔ ƒe nyɔnuvi ƒe gbegblẽ ta.


Nye ŋkuwo la aɖatsi wòti kɔ na wo, nye dɔkaviwo ʋu dzo hẽ, eye nye aklã wó ɖe dɔ me nam le nye dukɔ ƒe nyɔnu ƒe anyidzedze la, esime nu te ɖeviwo kple vidziewo ŋu le ɖua ƒe kpɔdomeewo.


Kpɔ da, Yehowa ƒe ahom kple eƒe dziku tso, eye yali abla ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.


Eye wò la gblɔ nya sia na wo bena: Nye ŋku le aɖatsi fam zã kple keli, eye madzudzɔ o, elabena wogbã nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ɖetugbi, wote eŋu, eye wòxɔ abi vevie!


Aŋutrɔ wuame enye woƒe aɖe, eye wodaa alakpa; wotsoa woƒe aɖe gblɔa nya fafɛ na wo havi, ke aye le woƒe dzi me.


Oo, ɖe wònye dzeƒee le asinye le gbegbe la, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi, eye míaʋu tso wo gbɔ! Elabena ahasiwɔla kple ame tovowo ƒe ha wo katã wonye.


Kpɔ ɖa, nye dukɔ ƒe ɣlikpe ɖi tso didiƒenyigba dzi be: „Ɖe Yehowa megale Zion oa, eye ɖe eƒe fia megale eme oa?“ Nukaŋuti wotsɔ woƒe aklama kpakpɛwo kple du bubu me towo ƒe yakanuwo do dziku nam?


Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


Agbo wo, ya alo wo ɖe nu, eye ahom aka wo ahlẽ; ke wò la atso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye aƒo adegbe ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.


Esi nènyã wo ɖa la, mèhe to na wo wòtso eme o; etsɔ wò ya ʋuɖuʋudu kplɔ wo ɖae le gbesigbe ɣedzeƒeya ƒo.


Eyata mebe: Miɖe ko ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo ɖu ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o.


Nyɔnu, siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la ƒe asi ɖa woawu ŋutɔ ƒe viwo, eye wonye nuɖuɖu na wo le nye dukɔ ƒe nyɔnuvi la gblẽɣi.


Ana dzoka nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye dzo, aŋɔ kple ya xɔdzo anye woƒe kplu me nu.


Ya sesẽ wu esia ƒom; azu madrɔ̃ ʋɔnu wò hã.


Eyata makaka wo ahlẽ abe gbe ƒuƒu le tagbaya nu ene.


Kpɔ ɖa, manyɔ Kaldeatɔwo, dukɔ nyanyrã, si ƒe afɔ tsɔna; woatu anyigba ƒe ke-keme, ne woaxɔ nɔƒe, siwo menye wo tɔ o la.


Emegbe aho adzo abe ahom ene, eye enu ayi; ke amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ mawui la: to vo ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu.


Ya bla wo kɔtɔɔ, eye ŋukpe lé wo de woƒe vɔsawo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite