Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete megblɔ be: Alele, Aƒetɔ Yehowa, vavãe nèflu dukɔ sia kple Yerusalem, esime negblɔ be: „Míakpɔ ŋutifafa“, evɔ wònye yi de keke luʋɔ gbɔ hafi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 4:10
21 Referans Kwoze  

Wosẽ nu le Yehowa ŋu gblɔ bena: „Menye eyae o; dzɔgbevɔ̃e mava mía dzi o, eye míakpɔ yi kple dɔwuame kple ŋku o;


Makpɔ du sia ta, eye maɖee le nye ŋutɔ kple nye dɔla Dawid ta.


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Eyaŋuti Mawu tsɔ wo de asi na ahɔhlɔ̃bɔbɔ yomenɔnɔ; elabena woƒe nyɔnuwo tsɔ dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nusi mele dzɔdzɔme nu o;


Eyata le woƒe dziwo ƒe nudzodzrowo me la Mawu tsɔ wo de asi na makɔmakɔnyenye, bene woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo le wo nɔewo dome;


Eye wòva me, esi mele nya gblɔm ɖi la, kasia Pelatya, Benaya vi la ku; tete matsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe gblɔ bena: Alele, Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe ame mamleawo nèbe, yeatsrɔ̃a?


Ɖeviwo kple amegã ɖeɖiwo ɖo baba ɖe anyigba le kpɔdomeewo, eye nye ɖetugbiwo kple nye ɖekakpuiwo tsi yi nu. Eda nu eme le wò dɔmedzoedogbe, eye nèwu ame, mèkpɔ eta o.


Oo, Aƒetɔ Yehowa, ètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ, si le dzi la, wo dziƒo kple anyigba, naneke mekpe na wò akpa o,


Wole gbɔgblɔm na amesiwo le vlo domem la be: „Eme anyo na mi“, eye wole gbɔgblɔm na amesiwo katã le zɔzɔm ɖe woƒe dzimesesẽ nu la be: „Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mava mia dzi o“.


Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa; evɔ wònye ŋutifafaa ɖeke meli o hafi.


Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi.


Wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawoe wɔ esia wò, wò vɔ̃ɖiwɔwɔe wɔ esia, eve kaɖikaɖi, eye ade dzigbɔ ke na wò.


Eye megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.


Yehowa, nukaŋuti nena míele tatram tso wò mowo dzi, eye nèse miaƒe ta me, be mievɔ̃ wò o? Gatrɔ va le wò dɔla kple wò domenyinyi ƒe toawo ta!


amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi!


Ne menye nenem o la, mala nye fuwɔamewo katã atrɔ ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dzi, bena nanyae be, amea ɖeke mede nunye le anyigba blibo la katã dzi o.


Tete Mose trɔ ɖe Yehowa; ŋu gblɔ bena: Aƒetɔ! Nukaŋuti nèhe vɔ̃ sia va dukɔ la dzi? Nukata gɔ̃ nedɔm ɖo?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite