Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 32:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena Yuda-fia Zedekiya ye dee gaxɔ me gblɔ bena: Nukaŋuti nègblɔ nya ɖi be: „Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ du sia ade asi na Babel-fia, eye wòaxɔe;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 32:3
23 Referans Kwoze  

eye wogblɔ nɛ bena: Gblɔe na mi, ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe? Alo amekae tsɔ ŋusẽ sia na wò mahã?


Ke megagblɔ nya ɖi le Betel azɔ o; elabena fia ƒe kɔkɔeƒe kple fiaɖuƒe ƒe gbedoxɔ wònye.


Tete Ebed-Melex do tso fia ƒe me yi ɖaƒo nu kple fia la gblɔ bena:


Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko.


Eye ne dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe be, yemasubɔ Babel-fia Nebukadnezar o, eye yemade kɔ Babel-fia ƒe kɔkuti me o la, matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe to na dukɔ ma, vaseɖe esime mato eƒe asi dzi atsrɔ̃e keŋkeŋ, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Ke Axaz sia gãwo nu tovo ɖe dzi ɖe Yehowa ŋu le ɣeyiɣi, si me woxaxae ɖo.


Tete Egipte-fia ɖo ŋu na wo bena: Mose kple Aron, nukaŋuti miele didim be, miade dukɔ la le woƒe dɔa nu? Miheyi miaƒe dɔ sesẽ la dzi!


Tete Yeremya gblɔ na wo bena: Míɖagblɔ na Zedekiya be:


Matso Yuda-fia Zedekiya kple eƒe amegãwo ade asi na woƒe futɔwo kple woƒe kudilawo kpakple Babel-fia ƒe aʋakɔ, si dzo le mia ŋu la.


Eye nagblɔ ɖe Yuda-fia Yoyakim ŋu be: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi nètɔ dzo agbalẽ sia hegblɔ be: Nukaŋuti nèŋlɔ ɖe eme be, Babel-fia ava gblẽ anyigba sia, eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi hã la,


Yeremya dona yia dukɔ la dome gagbɔna, elabena womedee gaxɔ me o.


Yehowa be: Woatsɔ du sia ade asi na Babel-fia ƒe aʋakɔ kokoko, eye wòaxɔe.


Ke ne medo yi Babel-fia ƒe amegãwo gbɔ o la, ekema woatsɔ du sia ade asi na Kaldeatɔwo, be wòatɔ dzoe, eye màsi le wo si me o.


Eƒe asi na nye vodadawo ƒe kɔkuti nu sẽ, eblae ɖe nye kɔʋume, eye wona ŋusẽ va le ŋunye. Aƒelɔ la tsɔm ɖe asi na amesiwo nu nyemate ŋu ana te ɖo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite