Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Yi naɖaɖe gbe ƒã nya siawo do ɖe anyiehe gome bena: Israel dzeaglã, ale Yehowa gblɔ esi: Gatrɔ, nyemaɖo adã ɖe mia ŋu o, elabena amelɔ̃la menye, eye nyemalè nya ɖe dɔ me tegbee o, Yehowa ye gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Yi, nàɖe gbeƒã nya sia ɖo ɖe anyiehe gome. Yehowa be, “ ‘Xɔsemanɔsitɔ Israel trɔ gbɔ. Nyemagahe nya ɖe ŋuwò azɔ o elabena nublanuikpɔlae menye eye nyemado dziku tegbee o.’ Yehowae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 3:12
45 Referans Kwoze  

Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye. Israel ƒe aƒe, miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miehe, yewoaku ɖo?


Ke wò, Aƒetɔ la, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela nènye, ègbɔa dzi blewu, eye amenuveve kple nyateƒe bɔ ɖe asiwò.


anye ne magbe Yakob kple nye dɔla Dawid ƒe ƒome, ale be nyemaɖe dziɖula tso eƒe ƒome aɖo Abraham, Isak kple Yakob ƒe ƒome la nu o. Elabena megale wo ɖo ge te, eye makpɔ nublanui na wo.


Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.


Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, eye mahaya mi tso miaƒe tatrawo me! Kpɔ ɖa, míeva gbɔwò, elabena wòenye Yehowa, mía Mawu!


Le ɣemaɣi la Yuda ƒe aƒe ayi Israel ƒe aƒe gbã, eye woaƒo takpli tso anyiehe-nyigba dzi ayi anyigba, si metsɔ na mia fofowo, ne wòanye domenyinu la dzi.


Yehowa be: Meli kpli wò, ne maɖe wò; matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome mekaka wò ɖo la, ke nyematsrɔ̃ wò ya o; nyemagblẽ wò ɖi tomahemahee o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo nu.


ke boŋ yewota Yehowa, amesi kplɔ Israel ƒe aƒe la ƒe viwo tso anyiehe-nyigba kple anyigba, siwo katã dzi wònyã wo ɖo ɖa la dzi vɛ, ne woanɔ woƒe anyigba dzi la ƒe agbe.


Israel, Yehowa be: Ne èbe, yeatrɔ la, ekema trɔ ɖe ŋunye, eye ne èɖe wò ŋunyɔnuwo ɖa le ŋkunye me la, ekema màgatsa tsa glãla o!


De wòado dziku ɖaa, eye wòalé ame ɖe dɔ me tegbeea? Kpɔ ɖa, alea nègblɔ, ke medo kpo vɔ̃wɔwɔ o.


Amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, medoa dziku kabakaba o, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ.


Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


Le Israel-fia Hosea. Eta vi ƒe ƒe etɔ̃lia me la Xizkiya, Yuda-fia Axaz ƒe vi, zu fia


vaseɖe esime Yehowa ɖe Israel ɖa le eƒe ŋku ta, abe alesi wògblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo katã dzi ene, eye wòkplɔ Israel tso eƒe anyigba dzi yi Asur vaseɖe egbe.


eye metrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, eye mia kple viwòwo mieɖo to eƒe gbe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me, abe alesi mede se na mi ene la,


Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Azɔ maɖo Yakob te, makpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe blibo la, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la nu.


Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehe-nyigba dzi, eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe dzogoewo dzi, ŋkunɔwo, xɔdrɔ̃wo, funɔwo kple vinɔwo siaa anɔ wo dome, woanɔ ha gãwo me agbɔ va afisia.


Yehowa be: Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, elabena nyee nye mia srɔ̃, eye maɖe ame ɖeka tso du me kple ame eve tso ƒome me ahakplɔ mi ava Zion;


Eye nyea mebu be, esi wòwɔ nusiawo katã megbe la, atrɔ ɖe ŋunye, gake metrɔ ɖe ŋunye o, eye nɔvianyɔnu Yuda dzego la kpɔe.


Eye wògblɔ nam bena: Ne ŋutsua ɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu la gbɔa? Ɖe magblẽ kɔ ɖo na anyigba ma oa? Yehowa be: Ke wò la èwɔ amatre kple ahasitɔwo tso, hafi nèbe, yeatrɔ ɖe ŋunyea?


Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo,


Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi.


Yehowa, ɣekaɣi nado dziku ɖaa ase ɖo, eye wò ŋuʋaʋã nabi abe dzo ene?


Elabena ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu la, ekema futɔwo akpɔ mia nɔviwo kple mia viwo ƒe nublanui, eye woagatrɔ ava anyigba sia dzi, elabena amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, mia Mawu la, eye ne mietrɔ ɖe eŋu la, maɖe kɔ ɖa le mia ŋu o.


Le Hosea ƒe ƒe asiekelia me la Asur-fia xɔ Samaria, eye wòkplɔ Israel yi Asur hetsɔ wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kpakple Media-duwo me.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tamea ɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!


Emegbe ne woaʋu woawo ŋutɔ kple wo fofowo ƒe vo, si woda hewɔ nuvɔ̃, eye wotsi tre ɖe ŋunye,


Menɔa dzre dzi ɖaa o, eye meléa dziku ɖe dɔme tegbee o.


Tete Yehowa gblɔ nam be: Ɖe gbe ƒã nya siawo katã le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo bena: Mise nubabla sia ƒe nyawo, eye miwɔ wo dzi.


Ke ne meho wo ɖa megbe la, magakpɔ nublanui na wo, eye mana amesiame nagbugbɔ ayi eƒe domenyinu gbɔ, eye amesiame nayi eƒe anyigba dzi.


Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o;


Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi ahatsɔ Israel-nyigba na mi.


Azɔ meɖo ɖe ta me be, mabla nu kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ne eƒe dɔmedzoe nu nala ɖe mía ŋu.


Mi Israel-viwo, migatrɔ ɖe amesi yome mietrɔ le la ŋu!


Ɖo ŋkuɖodzikpewo, tu dzesidonuwo, tsɔ wò tame ɖo mɔ, si nèto la ŋu. Trɔ gbɔ, ɖetugbi Israel, trɔ gbɔ, va wò du siawo me!


Miganɔ abe mia fofowo ene o; wo amesiwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na bena: Yehowa Zebaot be: Miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo kple nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu! Ke wogbe toɖoɖo, eye womelé ŋku ɖe ŋunye o, Yehowa ye gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite