Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 26:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye esi Yeremya mekpɔ ɖe nu le nya, siwo katã Yehowa de esi, be wòagblɔ na dukɔ blibo la gbɔgblɔ me o la, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple dukɔ blibo la lée gblɔ bena: Àku kokoko!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Kaka Yeremia nawu nya siwo katã Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ nu la, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple ame siwo le afi ma la dze Yeremia dzi kpli, helée eye wogblɔ nɛ be, “Èdze na ku!

Gade chapit la Kopi




Yeremia 26:8
22 Referans Kwoze  

Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


Eye esi wose esia la, eku dzi na wo ŋutɔ, eye woɖo be, yewoawu wo!


Eye mamleawo lé eƒe dɔlawo, wodo vlo wo, eye wowu wo.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.


Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.


Ke nunɔlagãwo kple amegãwo ƒoe ɖe amehawo nu bena, woabia Baraba, eye woawu Yesu.


Ke wò, Yehowa, ènya woƒe tame, siwo katã woɖo ɖe ŋunye hena nye ku; megatsyɔ nu woƒe vodadawo dzi o, eye megatsi woƒe nuvɔ̃ nu le ŋkuwò me o; ke boŋ wòadze anyi le ŋkuwò me. Wo wo alea le wò dɔmedzoedogbe!


Elabena Yuda-fia Zedekiya ye dee gaxɔ me gblɔ bena: Nukaŋuti nègblɔ nya ɖi be: „Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ du sia ade asi na Babel-fia, eye wòaxɔe;


Esi Yeremya wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nya, siwo katã Yehowa, woƒe Mawu, de asi nɛ ɖo ɖe wo la gbɔgblɔ na dukɔ blibo la nu vo la,


Tete Amazya, amesi nye nunɔla le Betel la, dɔ ame ɖo ɖe Israel-fia Yerobeam, ne woagblɔ nɛ bena: Amos ɖo gbe ɖi ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe la dome; anyigba la magaɖo dzi atso eƒe nyawo katã o.


Woawɔ avu kpli wò, ke woaɖo kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite