Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 26:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 ekema mawɔ aƒe sia abe Silo ene, eye matsɔ du sia awɔ ɖiŋudonu na anyigba dzi dukɔwo katã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’ ”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 26:6
20 Referans Kwoze  

Matsɔ wo awɔ bibi kple dzɔgbevɔ̃e na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, ahamasinu kple ɖiŋudonu le teƒe, siwo katã manyã wo aɖo ɖo.


eye dzika tso ƒowò, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le Yehowa ŋku me, le esi nèse nya, si megblɔ ɖe teƒe sia kple eme nɔlawo ŋu be, azu aƒedo kple ɖiŋudodo, eye nedze wò awuwo hefa avi le ŋkunye me la, nye hã mesee; Yehowa gblɔe!


na Yerusalem kple Yuda-duwo, woƒe fiawo kple woƒe amegãwo, ne mawɔ wo woazu aƒedo, bibi, alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu, abe alesi wòle egbe sia wo ene;


Eye miagblẽ miaƒe ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo woatsɔ ado ɖiŋui be: „Alea Yehowa nawu wòe!“ Ke ayɔ ŋkɔ yeye na eƒe dɔlawo ya,


Israel blibo la da wò nufiamewo dzi, eye wòle de aga hegbe wò gbesese, eyata fiƒode kple atam, siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sea me la, va mía dzi, elabena míewɔ nuvɔ̃ de eŋu.


Eye esi etsɔtsɔ ti Yehowa, le miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu, siwo miewɔ ta la, eyata miaƒe anyigba zu aƒedo, gbegbe kple ɖiŋudonu, eye ame vɔ le edzi, abe alesi wòle egbe siawo ene!


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Alesi metrɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku ko ɖe Yerusalemtɔwo dzii la, nenema ke matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzii, nenye be, mieyi Egipte; miazu atamkanu, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu, eye miagakpɔ teƒe sia kple ŋku o.


Eye woazu ɖiŋudonu na Yuda ƒe aboyome, siwo katã le Babel la bena: „Yehowa awɔ wò abe Zedekiya kple Axab, amesiwo Babel-fia mè le dzo me la ene;“


Eyata medo gu amegã kɔkɔeawo, metsɔ Yakob de asi na tsɔtsrɔ̃ gbidigbidi, eye Israel na fewuɖuɖu.


Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima.


Eye wògblɔ nam hena: Esia nye fiƒode, si le anyigba blibo la dzi yim; elabena fiafitɔwo katã tsi tomahemahe, eye atam dzodzro kalawo katã tsi tomahemahe.


Matso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ anyã wo ɖe nu; matsɔ wo awɔ ŋɔdzinu na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, eye woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔwo katã dome, afisi manyã wo aɖo ɖo.


Amesiwo katã va tso eme yi la, si akpe ɖe ŋuwò, woɖe tsiã heʋuʋu ta ɖe Yerusalem-nyɔnuvi ŋu be: Du, si ŋu wogblɔ le be, enye nyonyowo seƒe kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔ la, enye esia?


Wò fulɔwo katã ke nu ɖe ŋuwò baa, wodo tsia heɖu aɖukli gblɔ bena: Míetsrɔ̃e! Ehɛ̃, ŋkeke, si míele mɔ kpɔm na la, enye esia, míaƒe asi su edzi, míekpɔ eteƒe kple ŋku!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite