Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 26:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete amegãwo kple dukɔ blibo la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo bena: Ŋutsu sia medze ku o, elabena eƒo nu na mí le Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkɔ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Tete dumegãwo kple ameha la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo be, “Mele be woatso kufia na ŋutsu sia o, elabena egblɔ nya na mi le Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me.”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 26:16
19 Referans Kwoze  

amesi mekpɔ bena, wole enu tsom le woƒe se la ƒe anukutsyɔtsyɔwo ŋuti; gake nutsotsoa ɖeke mele eŋu, si dze ku alo bablawo o.


Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae?


Ke esi nye la medze sii bena, mewo naneke, si dze ku o, eye eya ŋutɔ hã tsɔ eƒe nya de kaisaro si me la, meɖo bena, maɖoe ɖa.


Eye esi Elnatan, Delaya kple Gemarya woɖe kuku na fia la be, megatɔ dzo agbalẽa o hã la, meɖo to wo o.


Eye amegãwo gblɔ na Barux bena: Yi, ne mia kple Yeremya miaɣla mia ɖokui, be amea ɖeke maganya afisi miele o.


Eye esi asrafowo dzikpɔla kpɔ nusiwo va dzɔ la, ekafu Mawu gblɔ bena: Vavã amesia nye ame dzɔdzɔe.


Ke miawo la edze mi: elabena nusi dze míaƒe nuwɔwɔwo la, eya kpɔm miele; ke amesia la mewo nu tovoa ɖeke kpɔ o.


Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!


Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na amegãwo kple dukɔ blibo la bena: Ŋutsu sia dze ku; elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋu, abe alesi mia ŋutɔwo miesee kple miaƒe to ene.


Ne amea ɖe ƒe zɔzɔme dze Yehowa ŋu la, enana be, eƒe futɔwo ke hã nɔa ŋutifafa me kplii.


elabena ne àzi kpi le ɣeyiɣi sia me la, ekema ablɔɖe kple ɖeɖe atso afi bubua ɖe ava na Yudatɔwo, ke mia kple fofowò ƒe aƒe ya miatsrɔ̃ amea ɖe menya nu o, ɖewohĩ ɣeyiɣi sia tae fianyenye la su asiwò ɖo.


Amegãwo katã kple dukɔ blibo la ɖo to, eye woɖo nubabla me be, yewo dome amesiame naɖe asi le eƒe kluvi kple kosivi ŋu, ne womagawɔ kluvidɔ na yewo azɔ o; eye woɖo to heɖe asi le wo ŋu.


Tete amegãwo do dɔmedzoe ɖe Yeremya ŋu, eye woƒoe hetsɔe de gaxɔ me ɖe agbalẽŋlɔla, Yonatan ƒe xɔ, si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.


Ameka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam, eye ameka ado ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu ɖe nunye?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite