Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 26:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na amegãwo kple dukɔ blibo la bena: Ŋutsu sia dze ku; elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋu, abe alesi mia ŋutɔwo miesee kple miaƒe to ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Ele be woatso kufia na ŋutsu sia, elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋuti. Miawo ŋutɔ miesee kple miaƒe towo!”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 26:11
13 Referans Kwoze  

Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko.


nuka susum miele? Eye woɖo ŋu gblɔ bena: Edze ku.


Ke ne nyagblɔɖilaa ɖe ɖo eɖokui ɖe dzi, eye wògblɔ nya, siwo nyemegblɔ nɛ o la, le nye ŋkɔ dzi, alo wògblɔ nya le mawu bubuwo ƒe ŋkɔ dzi la, woawu nyagblɔɖila ma.


Eye woɖo toe vaseɖe nya sia dzi; tete wokɔ woƒe gbe dzi gblɔ bena: Miɖe amesia tɔgbe ɖa tso anyigba la dzi, elabena mele nɛ be, wòanɔ agbe o.


Yudatɔwo ɖo eŋu ne bena: Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, woaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.


Woɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Amesia la, ɖe menye vɔ̃wɔla wònye o la, ne miele ede ge asi na wò o.


Ke wò, Yehowa, ènya woƒe tame, siwo katã woɖo ɖe ŋunye hena nye ku; megatsyɔ nu woƒe vodadawo dzi o, eye megatsi woƒe nuvɔ̃ nu le ŋkuwò me o; ke boŋ wòadze anyi le ŋkuwò me. Wo wo alea le wò dɔmedzoedogbe!


Tete amegãwo kple dukɔ blibo la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo bena: Ŋutsu sia medze ku o, elabena eƒo nu na mí le Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkɔ me.


Enumake dua me ŋutsuwo gblɔ na Yoas bena: Kplɔ viwò la doe, ne wòaku, elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui, eye wòlã Asera, si le eŋu la ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite