Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 26:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Esi Yuda-amegãwo se nya siawo la, wotso fia ƒe me va Yehowa ƒe me, eye wobɔbɔ nɔ Yehowa ƒe agbo yeye la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Esi Yuda ƒe dumegãwo se nu siawo la, wotso le fiasã la me heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la gbɔ eye woyi ɖatɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe Agbo Yeye la nu.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 26:10
15 Referans Kwoze  

Eye Barux xlẽ Yeremya ƒe nyawo le agbalẽ la me de dukɔ blibo la ƒe towo me le agbalẽŋlɔla Gemarya, Safan vi ƒe xɔ me le xɔxɔnu dzigbeta le Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo yeyea nu.


Eƒe amegãwo le abe amegãxi lénuwo ene le eme, ne wòakɔ ʋu ɖe anyi, woatsrɔ̃ amewo, eye woakpɔ viɖe.


Kpɔ ɖa, Israel ƒe amegãwo dometɔ ɖesiaɖe le adegbe ƒom ɖe eƒe alɔ ŋu le mewò, ne wòakɔ ʋu ɖi.


Eye esi Elnatan, Delaya kple Gemarya woɖe kuku na fia la be, megatɔ dzo agbalẽa o hã la, meɖo to wo o.


Yuda-amegãwo kple Yerusalem-amegãwo, aƒedzikpɔlawo, nunɔlawo kple anyigba dzi dukɔ blibo la, ame siwo to nyivi la ƒe akpaawo do meyi la,


Ke Axikam, Safan vi, kpe ɖe Yeremya ŋu, eye metsɔe de asi na dukɔ la, be wòawu o.


Negbe nuxeƒewo ko womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo. Eyae de dzigbegbo le Yehowa ƒe aƒe la nu.


Eye esi fia Yoyakim kple eƒe kalẽtɔwo katã kpakple amegãwo katã se eƒe nyawo la, fia la di be, yeawui. Ke Uriya see, eye wòvɔ̃ hesi yi Egipte.


Amegãwo katã kple dukɔ blibo la ɖo to, eye woɖo nubabla me be, yewo dome amesiame naɖe asi le eƒe kluvi kple kosivi ŋu, ne womagawɔ kluvidɔ na yewo azɔ o; eye woɖo to heɖe asi le wo ŋu.


Eɖe dzigbegbo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, eye wòɖo Ofel-gli la yi edzi ŋutɔ.


Pasxur ƒo nyagblɔɖila Yeremya, eye wòbɔ pãe ɖe Benyamin-gbo dzigbeta, si le Yehowa ƒe aƒe ŋu la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite