Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 24:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Gbotsetse nyui, siwo le abe gbotsetse ŋgɔgbeawo ene la, le kusi ɖeka me, eye gbotsetse gbegblẽwo le kusi evelia me, esiwo gblẽ, ale be womelé ɖuɖu me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, eye woɖi nyuie abe esiwo ɖina kaba la ene. Ke gbotsetse siwo le kusi evelia me la menyo kura o, wogblẽ ale gbegbe be womenyo woaɖu o.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 24:2
11 Referans Kwoze  

Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Nukae woawɔ na nye weingble la, eye nyemewɔe nɛ o? Nukaŋuti mele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo, eye wòtse ʋukatsetsewo?


Baba nam! Elabena ezu nam, abe alesi kutsetsegbeɣi kple weiuxaɣl nu yinae ene: weintsetsea ɖeke meli, ne woaɖu o, eye nye ve me le fiefiẽm ɖe kutsetse ŋgɔgbea ŋu.


Miawoe nye anyigba ƒe dze; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge wòala ado vivi ne mahã? Tso esia dzi la meganyo na naneke o; ke boŋ woatsɔe aƒu gbe, bena amewo naɖo afɔ edzi.


Mefɔ Israel le gbegbe abe weintsetse ene, eye mekpɔ mia fofowo abe gbotsetse ŋgɔgbea ene; ke esi wova Baal-Peor la, wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la, eye wozu ŋunyɔnu, abe nusi ŋu woku ɖo la ke ene.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpo ɖa, maɖo yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo, eye mawo wo abe gbotsetse vovo, siwo gblẽ, ɖuɖu mele wo ŋu o la ene.


Wò mɔ̃ sesẽwo katã le abe gboti, siwo dzi kutsetse ɖiɖiwo le la ene; ne woʋuʋu wo la, woade adze nu me na wo ɖula.


Woƒe anyigbadzinu gbãtɔwo katã dometɔ, siwo woatsɔ vɛ na Yehowa la, nye tɔwo; amesiame, si ŋu kɔ le aƒewò me la, kpɔ mɔ aɖui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite