Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 24:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Babel-fia Nebukaɖnezar ɖe aboyo Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, kple Yuda-amegãwo, atikpalawo kple gbeɖewo tso Yerusalem yi Babel megbe la. Yehowa na mekpɔ gbotsetse kusi eve, si wotsɔ da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esi Nebukadnezar, Babilonia fia kplɔ Yehoyakim vi Yehoyatsin, Yuda fia, eƒe dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo yi ɖe aboyo mee le Babilonia megbe la, Yehowa ɖe gbotsetse kusi eve siwo woda ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ mɔnu la fiam.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 24:1
22 Referans Kwoze  

le aboyoɖeɖe fia Yexonya kple fiasrɔ̃, aƒedzikpɔlawo kple Yuda-amegãwo kpakple Yerusalem-amegãwo, atikpalawo kple gbedewo tso Yerusalem megbe;


Esi ƒe trɔ la, fia Nebukadnezar do woɖakplɔe va Babel, eye wofɔ Yehowa ƒe aƒe me ŋu dɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, eye wòtsɔ nɔvia Zedekiya ɖo fia ɖe Yuda kple Yerusalem nu.


Eye wòna mekpɔ nunɔlagã Yosua tsi tre ɖe Yehowa ƒe dɔla ŋku me, eye Satana tsi tre ɖe eƒe ɖusi me, be wòatso enu.


Eye wòna mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, Aƒetɔ la tsi tre ɖe gli, si dzɔ kã la dzi, eye wòlé tsumikpe ɖe asi.


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa yɔ dzo vɛ, be wòatsɔ ahe toe, eye wòfiã to gãwo helé agblewo.


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, ewo ʋetsuviwo, esime kelegbewo de asi miemie me; elabena kelegbewo miena, ne wova gbe na fia megbe.


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Woɖe ŋɔtigae, eye wotsɔe de kpẽ me hekplɔe yi na Babel-fia; wotsɔe de mɔ̃ sesẽ me, ne womagase eƒe gbe le Israel-towo dzi azɔ o.


Ɣemaɣi Babel-fia Nebukadnezar ƒe dɔlawo ho ɖe Yerusalem ŋu, eye woɖe to ɖe du la.


Nya, si Yesaya, Amoz vi la, kpɔ ɖe Babel ŋu enye si:


nusiwo Babel-fia Nebukadnezar metsɔ dzoe, esime wòɖe aboyo Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, tso Yerusalem yi Babel hekpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe bubumewo katã ŋu la o.


Yehowa be: Makplɔ Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, kple Yuda ƒe aboyome, siwo katã yi Babel la, agbɔ va teƒe sia; elabena maŋe Babel-fia ƒe kɔkuti.


Agbalẽ, si nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomeawo ƒe ame tsitsi susɔeawo, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple dukɔ blibo, si Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi Babel la me nya enye si;


Eye Zedekiya, Yosiya vi, zu fia ɖe Xonya, Yoyakim vi teƒe; elabena Babel-fia Nebukadnezar tsɔe ɖo fia ɖe Yuda-nyigba dzii.


Wotu dziehe-duwo ƒe agbowo, eye amea ɖeke meʋu wo o; woɖe aboyo Yuda katã, woɖe aboyo wo petepete.


Èŋe woƒe alɔwo ƒe tametɔ hetsɔ yi nudzralawo ƒe anyigba dzi, eye wòtsɔe do ɖe asitsalawo ƒe du me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite